رفتن به محتوا

EKLESIASTIKO 35

35
1Ame si wɔa se la dzi la wɔa nunana geɖe,
2eye ame si ɖoa to le sededeawo me la, wɔa dedienɔnɔ ƒe nunana.
3Ame si ɖoa dɔmenyo teƒe la, tsɔa wɔ memee nyuitɔ nana,
4eye ame si naa nu ame dahewo la, saa akpedadavɔ.
5Heheɖa tso vɔɖivɔ̃ɖinyenye gbɔ dzea Aƒetɔ la ŋu,
eye nugbegbe le nu madzɔmadzɔ wɔwɔ gbɔ nye fexexe ɖe nuvɔ̃ ta.
6Mègado ɖe Aƒetɔ la ŋkume asi ƒuƒlui o,
7elabe nu siwo katã nènana la nye sededeawo dzi wɔwɔ.
8Nu dzɔdzɔe wɔlawo ƒe nunana dea asixɔxɔ vɔsamlekpuia ŋu,
eye wònye ʋeʋẽ lílilĩ si yia dzi dea Aƒetɔ la gbɔ.
9 # Kor II, 9.7. Woxɔa nu dzɔdzɔe wɔlawo ƒe vɔsasa
eye womaŋlɔe be gbeɖe o.
10Nyo dɔme, ne èle Aƒetɔ la subɔm;
mègave nu le wò nuku gbãtɔwo ŋu o.
11Le wò nunana ɖe sia ɖe nana me la, kɔ mo nànae,
eye nàna wò nuwo ƒe akpa ewolia kple dzidzɔ.
12Na nu Dziƒoʋĩtɔ la le ale si wòna wòe la nu,
eye nànae dɔmenyotɔe faa abe ale si nàte ŋui la ene.
13Elabe Aƒetɔ la nye ame si ɖoa nu eteƒe,
eye wòaɖo eteƒe na wò zigbɔzi adrẽ.
Mawu ƒe nya dzɔdzɔe
14Mègana zãnu Aƒetɔ la o, elabe maxɔe o.
15Mègaɖo ŋu ɖe vɔsasa madzemadze ŋu o,
elabe Aƒetɔ la nye ʋɔnudrɔ̃la.
Le eyama gbɔ la, ameŋkumekpɔkpɔ aɖeke meli o.
16Makpɔ ame dahe ŋkume o, gake aɖo to ase ame si ŋu
wowɔ nu gbegblẽ ɖo la ƒe gbedodoɖa.
17Mado toku tsyɔ̃evi ƒe kokoƒoƒo
alo ahosi ƒe nyawo, ne wògblɔ wo nɛ o.
18Ɖe aɖatsi mesína le alɔgo dzi na ahosi,
19ne ele avi fam ɖe ame si na aɖatsia ge la, ta oa?
20Ame si ƒe subɔsubɔ dze Aƒetɔ la ŋu la, woaxɔe,
eye eƒe gbedodoɖa ade alilikpowo me ke.
21Ame siwo bɔbɔa wo ɖokui ƒe gbedodoɖa dzea alilikpowo,
eye madzudzɔ o, va se ɖe esime wòde edeƒe;
matɔ o, va se ɖe esime Dziƒoʋĩtɔ la ɖo eŋu,
22eye wòatso afia na nu dzɔdzɔe wɔla, eye wòahe to na fɔɖila.
Le nyateƒe me la, Aƒetɔ la mahe ɖe megbe o,
eye abe aʋawɔla ene la, magbɔ dzi ɖi o,
va se ɖe esime wòkaka nublanuimakpɔlawo ƒe aligo,
23eye wòabia hlɔ̃ dukɔwo,
va se ɖe esime wòtsrɔ̃ ame mabuame gbogbowo ɖa,
eye wòaŋe nu madzɔmadzɔ wɔlawo ƒe fiatikplɔwo;
24va se ɖe esime wòɖo eteƒe na amegbetɔwo ɖe woƒe dɔwɔwɔwo nu
kple amewo katã ƒe dɔwɔwɔwo ɖe woƒe tamesusuwo nu;
25va se ɖe esime wòdrɔ̃ eƒe dukɔ la ƒe nya,
eye wòawɔ wo be woakpɔ dzidzɔ le eƒe nublanuikpɔkpɔ me.
26Eƒe nublanuikpɔkpɔ ado dzidzemetɔe le xaxaɣi
abe ale si tsililikpo dona le kuɖiɣi lae ene.