EKLESIASTIKO 34
34
Drɔ̃e mefiaa naneke o
1 #
Mos V, 13.1-5; 18.9-14. Susumanɔsitɔwo la, mɔkpɔkpɔ dzodzro kple esiwo nye alakpa koe le wo si,
eye drɔ̃ewo na bometsilawo toa aʋala.
2Abe ame si tena kpɔ be yealé vɔvɔli kple asi alo nyàa yaƒoƒo ɖe nu ene la,
nenemae nye ame ɖe sia ɖe si xɔa drɔ̃ewo dzi sena.
3Nu si wokpɔna le drɔ̃ewo me la nye nane ƒe dzedzeme tso nane gbɔ;
ele abe mo ƒe dzedzeme si le eɖokui kpɔm la ene.
4Nu ka ŋu ate ŋu akɔ tso nu makɔmakɔ me?
Eye nu ka ate ŋu anye nyateƒe tso nu si nye alakpa la me?
5Afakaka kple dzesi na nyui alo vɔ̃
si gbɔna dzɔdzɔ ge kpakple drɔ̃ewo menye nu ŋutɔŋutɔ o.
Wole abe nyɔnu si le ku lém ene la,
eƒe susu bua nu ƒomevi vovovowo ŋu.
6Ne menye Dziƒoʋĩtɔ la gbɔ wòtso be wòaxe mɔ na nudzɔdzɔ aɖe o la,
migatsɔ ɖeke le wo me o.
7Elabe drɔ̃ewo ble ame geɖewo,
eye ame siwo kpɔ mɔ na wo la, tsrɔ̃.
8Beble siawo tɔgbe manɔmee la se la ava eme,
eye nunya dea blibo le nuteƒewɔlawo ƒe nyagbɔgblɔ me.
Mɔzɔzɔ
9Ame si kpɔ hehe la* nya nu geɖe,
eye ame si kpɔ nuteƒe fũu la nyaa nu si gblɔm wòle.
10Nuteƒemakpɔla nya nu ʋɛ aɖewo ko,
11gake ame si tsa de teƒewo la, nya nu geɖe.
12Mekpɔ nu geɖewo le nye tsatsa me,
eye mese nu geɖe gɔme wu ale si mate ŋu aƒo nu le wo ŋui.
13Meɖo ku ƒe ŋɔdzi me edziedzi,
gake medo le eme ɖe nuteƒekpɔkpɔ siawo ta.
Vɔ̃ Aƒetɔ la
14Ame siwo vɔ̃a Aƒetɔ la ƒe gbɔgbɔ anɔ agbe,
15elabe woƒe mɔkpɔkpɔ le eya, ame si xɔa wo ɖe agbe la me.
16Ame siwo vɔ̃a Aƒetɔ la la, manye vɔvɔ̃nɔtɔ loo,
alo awɔ nu abe vɔvɔ̃nɔtɔ ene o, elabe eyamae nye woƒe mɔkpɔkpɔ.
17Luʋɔ si vɔ̃a Aƒetɔ la la kpɔa dzidzɔ loo!
18Ame ka sinu wòkpɔna? Ame kae nye eƒe kpeɖeŋutɔ?
19Aƒetɔ la ƒe ŋkuwo le ame siwo lɔ̃nɛ la ŋu,
akpoxɔnu triakɔ kple kpeɖeŋutɔ sesẽ wònye;
nɔƒe tso yaƒoƒo xɔdzowo si me, vɔvɔli le ŋdɔkutsu nu,
ameŋudzɔla ɖe nukikli ŋu
kple kpeɖeŋutɔ ɖe anyidzedze ŋu eyama nye.
20Ekɔa luʋɔ ɖe dzi eye wònana be ŋku dzi kɔna.
Enaa lãmesẽ, agbe kple yayra.
Vɔsasa
21Ne ame tsɔ nu si wòkpɔ to mɔ vɔ̃ dzi sa vɔe la, *nunana la medza o.
22Womexɔa sedzidalawo ƒe nunanawo o.
23Dziƒoʋĩtɔ la mekpɔa ŋudzedze le mawumavɔ̃lawo ƒe nunanawo ŋu loo,
alo tsɔa nuvɔ̃wo kena le vɔsa gbogbowo ta o.
24Ame si tsɔ nu tso ame dahe ƒe nunɔamesiwo me va sa vɔe la,
le abe ame aɖe si wu viŋutsuvi le tɔ́a ŋkume ene.
25Ale si nuɖuɖu le na hiãtɔ la, nenemae agbe le na ame dahe;
ame si ke xɔe le wo si la, amewulae.
26Ne èxɔ nu si dzi hawòvi anɔ agbe ɖo la le esi la, ewu ame.
27Femaxemaxe na dɔwɔla nye ʋukɔkɔɖi.
28Ne ame aɖe tu xɔ, eye ame bubu va mui ƒu anyi la,
viɖe ka le eme na wo? Ɖe menye dɔ sesẽ ko wowɔ dzro oa?
29Ne ame aɖe le gbe dom ɖa, eye ame bubu le fi ƒom de la,
wo dometɔ ka ƒe gbee Aƒetɔ la aɖo toe?
30Ne ame aɖe ka asi ame kuku ŋu, eye wòle tsi,
eye wògaka asi eŋu ake ɖe, viɖe ka le tsilelea me nɛ?
31Ale ne ame aɖe tsi nu dɔ le eƒe nuvɔ̃wo ta,
eye wòtrɔ yi ga ɖawɔ nu mawo ke ɖe,
ame kae aɖo to eƒe gbedodoɖawo?
Viɖe ka wòkpɔ to eɖokuibɔbɔ ɖe anyi me?
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.