Romatɔwo KPƆKPLƆYIƉEME
KPƆKPLƆYIƉEME
Paulo ƒe Agbalẽ si Wòŋlɔ ɖo ɖe Romatɔwo la nye agbalẽ si wòŋlɔ tsɔ na nyanya hame si le Roma tso tsaɖiɖi si wòɖo be yeawɔ ayi afi ma la ŋu. Ɖoɖo si wòwɔ lae nye be yeawɔ dɔ le Kristotɔ siwo le afi ma la dome ŋkeke ʋɛ aɖewo, eye le ema megbe la, hametɔawo nado mɔ ye aɖo ɖe Spania. Paulo ŋlɔ nu tsɔ ɖe ale si wòse dzixɔse si le Kristotɔwo si kple kuxi siwo le dzixɔse sia ŋuti le Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ me la gɔme. Agbalẽa ƒo nu tsitotsito tso nya si le Paulo si le eƒe gbedeasi la ŋu la wòde blibo.
Le agbalẽa ƒe gɔmedzedze la, Paulo do gbe na Roma-hame la, eye wògblɔ ale si wòdoa gbe ɖa ɖe wo ta lae na wo. Esia megbe la, Paulo ɖe eƒe agbalẽa ƒe nyati ɖe go. Egblɔ be: “Nyanyui la mee woɖe ale si Mawu bua ame be ele dzɔdzɔe la ɖe go fia le. Esia nye xɔse ƒe nya tso gɔmedzedzea va se ɖe nuwuwu.” (1.17)
Esia yome la, Paulo gayi eƒe nyati la me ɖeɖe dzi. Eɖe eme be ehiã be Mawu nabu amegbetɔƒomea katã, Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o la siaa, be wole dzɔdzɔe elabe wo katã wole nuvɔ̃ ƒe ŋusẽ te. Mawu bua ame be ele dzɔdzɔe nenye be wòxɔ Kristo dzi se. Emegbe la, eƒo nu le agbe yeye nɔnɔ si le hadede kple Kristo me la ŋu. Esia dona tso kadodo yeye sia si le Mawu kple ame dome la me. Ŋutifafa nɔa Mawu kple xɔsetɔ dome, eye Mawu ƒe Gbɔgbɔ la nana be ame dona le nuvɔ̃ kple ku ƒe ŋusẽ si me. Tso ta atɔ̃lia va se ɖe enyilia dzi la, Paulo dzro Mawu ƒe sea ƒe taɖodzinu kple ŋusẽ si le Mawu ƒe Gbɔgbɔ la si le xɔsetɔwo ƒe agbenɔnɔ me la me. Azɔ la, amedɔdɔ Paulo te kpɔ ɖe ale si Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o la ge ɖe ɖoɖo si Mawu wɔ na amegbetɔƒomea la mee. Ewu enu be ale si Yudatɔwo gbe Yesui la nye Mawu ƒe ɖoɖo si wòwɔ be yeana amegbetɔƒomea katã nakpɔ gome le ale si Mawu vea ame nui, ne ele hadede me kple Yesu Kristo la me. Exɔe se be Yudatɔwo megbe Yesu ɖikaa o. Mlɔeaba la, Paulo ŋlɔ nu tso ale si wòdze be Kristotɔwo nanɔ agbee, vevietɔ ale si wòdze be woalɔ̃ wo nɔewo la ŋu. Nyati bubu siwo ŋu wògaƒo nu le la woe nye subɔsubɔdɔwɔwɔ na Mawu, Kristotɔwo ƒe dɔdeasi na wo dedu kple na wo nɔewo kpakple nya siwo ku ɖe ame ƒe dzitsinya ŋu. Paulo wu agbalẽa nu kple eya ŋutɔ ƒe nya aɖewo na hamea me nɔlawo kple Mawu kafukafunyawo.
Agbalẽa ƒe nyatiwo
Kpɔkplɔyiɖeme kple nyati vevitɔ 1.1-17
Ale si wòhiã be Mawu naxɔ ame ɖe agbee 1.18—3.20
Mɔ si dzi Mawu xɔa ame ɖe agbe tonɛ 3.21—4.25
Agbe yeye nɔnɔ le hadede kple Kristo me 5.1—8.39
Israel-dukɔ ƒe nɔƒe le Mawu ƒe ɖoɖo la me 9.1—11.36
Kristotɔwo ƒe nɔnɔme 12.1—15.13
Nuwunyawo kple gbedonamewo 15.14—16.27
اکنون انتخاب شده:
Romatɔwo KPƆKPLƆYIƉEME: EB14
هایلایت
کپی
مقایسه
به اشتراک گذاشتن
می خواهید نکات برجسته خود را در همه دستگاه های خود ذخیره کنید؟ برای ورودثبت نام کنید یا اگر ثبت نام کرده اید وارد شوید
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.

: