Psalmowo 92
92
Kafukafuha
(Dzudzɔgbeha)
1Enyo be woada akpe na Aƒetɔ,
o Dziƒoʋĩtɔ, enyo be woadzi ha akafu wò ŋkɔ;
2be woaɖe gbeƒã wò amenuveve le ŋdi
kple wò nuteƒewɔwɔ le zã me,
3ɖe kasaŋku ka ewo tɔ, saŋku
kple gakasaŋku ƒe gbeɖiɖi vivi ŋu.
4Elabe wò, Aƒetɔ, etsɔ wò dɔwɔwɔwo
do dzidzɔ nam;
wò asinudɔwɔwɔwo tae
mele ha dzim kple dzidzɔ ɖo.
5O Aƒetɔ, wò dɔwo lolo loo!
Wò susuwo me goglo ŋutɔ!
6 #
Nya 13.1. Susu gblɔetɔ mate ŋu anyae o,
eye ame si dzɔ lã la, mate ŋu ase esia gɔme o:
7be, togbɔ be ame vɔ̃ɖiwo miena abe gbe ene,
eye nu vlo wɔlawo katã ƒoa se hã la,
woɖo wo ɖi be woatsrɔ̃ ɖikaa,
8ke wò Aƒetɔ la, eɖu dzi tegbee.
9Elabe kpɔ ɖa, wò futɔwo, o Aƒetɔ,
elabe kpɔ ɖa, wò futɔwo atsrɔ̃,
nu baɖa wɔlawo katã aka ahlẽ.
10Ke ekɔ nye dzo ɖe dzi abe tò tɔ ene;
ekɔ ami yeye ɖe dzinye.
11Nye ŋkuwo kpɔ nye futɔwo ƒe anyidzedze,
nye towo se ame vɔ̃ɖi
siwo tso ɖe ŋunye la ƒe tsɔtsrɔ̃.
12Nu dzɔdzɔe wɔla ɖea ɖɔ abe deti ene,
eye wòkɔna abe sederti le Lebanon-to dzi ene.
13Wodo wo ɖe Aƒetɔ ƒe aƒeme,
woƒo se le mía Mawu ƒe xɔxɔnuwo.
14Wonɔa kutsetse dzi le tsitsime hã,
tsi nɔa wo me fũu ɣe sia ɣi,
eye wodea ama,
15tsɔ fiana be Aƒetɔ nye nu dzɔdzɔe wɔla,
eyae nye nye agakpe,
eye nu madzɔmadzɔ wɔwɔ aɖeke mele eme o.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.