رفتن به محتوا

Psalmowo 91

91
Mawu, mía Takpɔla
1Ame si bɔbɔ nɔ Dziƒoʋĩtɔ la ƒe bebeƒe,
eye wòle Ŋusẽkatãtɔ la ƒe vɔvɔli te la,
2eyae agblɔ na Aƒetɔ be:
“Nye sitsoƒe kple nye mɔ́ nènye;
nye Mawu, si ŋu meɖoa ŋu ɖo.”
3Elabe aɖe wò tso xevimɔ̀trela ƒe mɔ̀ me
kple dɔ vɔ̃ si wua ame la, si me.
4Atsɔ eƒe fu sesẽwo atsyɔ dziwò,
eye àkpɔ sitsoƒe le eƒe aʋalawo te;
eƒe nuteƒewɔwɔ nye akpoxɔnu gãtɔ
kple suetɔ.
5Mavɔ̃ ŋɔdzidoname le zã loo,
alo aŋutrɔ si le ʋɔ lũm le ŋkeke me loo,
6alo dɔ vɔ̃ si le zɔzɔm le blukɔ me
kple nugblẽla si le nu gblẽm le ŋdɔ la o.
7Akpe adze anyi ɖe axawò,
eye akpe ewo adze wò ɖusime;
ke wò ya la, mate ɖe ŋuwò o.
8Ɖeko nàkpɔe kple wò ŋkuwo,
eye àkpɔ ale si woaɖo eteƒe na ame vɔ̃ɖiwoe.
9Esi nètsɔ Aƒetɔ wɔ wò sitsoƒee,
eye nètsɔ Dziƒoʋĩtɔ la wɔ nɔwòƒee ta la,
10vɔ̃ aɖeke madzɔ ɖe dziwò o,
eye dɔ vɔ̃ mate ɖe wò agbadɔ ŋu o.
11 # Mat 4.6; Luk 4.10. Elabe aɖe eƒe dɔlawo ɖe ŋuwò
ne woadzɔ ŋuwò le wò mɔwo katã dzi.
12 # Mat 4.6; Luk 4.11. Woakɔ wò ɖe woƒe asiwo me
be màtsɔ wò afɔ axlã ɖe kpe aɖeke o.
13 # Luk 10.19. Àzɔ dzata kple dakpui dzi,
ànya avuzi le dzatavi kple da dzi.
14Esi wòku ɖe ŋunye kple lɔlɔ̃ ta la,
maɖee;
makpɔ eta,
elabe enya nye ŋkɔ.
15Ne eyɔm la, matɔ nɛ;
manɔ kplii le xaxa me,
maɖee, eye made bubu eŋu.
16Matsɔ agbe didi aɖi ƒo nɛ,
eye mana wòakpɔ nye xɔname.