Psalmowo 72
72
Gbedodoɖa ɖe fia la ta
(Salomo ƒe hae)
1Mawu, tsɔ ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃
na fia la
kple wò nu dzɔdzɔe wɔwɔ
na fiavi la!
2Na ne wòadrɔ̃ ʋɔnu
le nu dzɔdzɔe wɔwɔ me na wò dukɔ,
eye wòatso afia dzɔdzɔe
na ame dahewo.
3Na towo nahe nunyoname vɛ
na wò dukɔ,
eye togbɛwo nahe nu dzɔdzɔe wɔwɔ vɛ.
4Neʋli dukɔ la ƒe ame dahewo ta,
neɖe hiãtɔwo,
eye wòagbã ameteɖeanyila la!
5Nenɔ agbe, zi ale si ɣe kple ɣleti li la,
tso dzidzime yi dzidzime.
6Nenɔ abe tsi si dzana ɖe gbe si ta
woya la dzi ene,
abe agbafie si dzana ɖe anyigba dzi ene!
7Nu dzɔdzɔe wɔwɔ nede dzi
le eƒe ŋkekewo me,
eye ŋutifafa nexɔ aƒe
va se ɖe esi ɣleti maganɔ anyi o.
8 #
Zax 9.10; Sir 44.21. Eƒe fiaɖuƒe netso atsiaƒu nu yi atsiaƒu nu,
eye tso Tɔsisi la nu va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke!
9Eƒe ketɔwo nede ta agu le eŋkume,
eye eƒe futɔwo neɖuɖɔ ke le anyigba!
10Tarsis-fiawo kple esiwo le ƒukpowo dzi
nedzɔ nu nɛ;
na ne Saba kple Seba-fiawo
natsɔ nunanawo vɛ nɛ.
11Fiawo katã nede ta agu nɛ;
dukɔwo katã nesubɔe!
12Elabe eɖea hiãtɔwo, ame dahewo
kple ame siwo si kpeɖeŋutɔ aɖeke mele o la, ne woyɔe.
13Ekpɔa nublanui na ame gblɔewo
kple hiãtɔwo,
eye wòxɔa hiãtɔwo ɖe agbe.
14Eɖea woƒe agbe tso teteɖeanyi
kple ŋutasesẽ me,
eye woƒe ʋu xɔ asi le eŋkume.
15Nenɔ agbe didi!
Wonetsɔ sika tso Saba vɛ nɛ!
Wonedo gbe ɖa ɖe eta edziedzi,
eye woadi yayra nɛ ŋkeke bliboa!
16Bli newɔ fũu le anyigba la dzi;
woneƒo aya le towo dzi;
wonetse ku abe Lebanon tɔwo ene,
eye amegbetɔwo nedzi ɖe duawo me
abe gbe le gbedzi ene!
17Eŋkɔ nenɔ anyi tegbee;
eŋkɔ nenɔ anyi zi ale si ɣe li la!
Amewo netsɔe yra wo ɖokui,
eye dukɔwo katã ayɔe be yayratɔ!
18Woakafu Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la,
ame si ɖeɖe ko wɔa nukunuwo.
19Woakafu eŋkɔ kɔkɔe la tegbee;
eƒe ŋutikɔkɔe neyɔ anyigba blibo la dzi!
Amen, ẽ, Amen!
20David, Yese vi, ƒe gbedodoɖawo wu nu.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.