Psalmowo 71
71
Ametsitsi aɖe ƒe gbedodoɖa
1Aƒetɔ, wòe mesí tso;
mègana ŋu nakpem akpɔ gbeɖe o.
2Ɖem le wò nu dzɔdzɔe wɔwɔ ta,
eye nàxɔ nam.
Ɖo tom, eye nàxɔ nam!
3Nye sitsoƒegakpe nam,
mɔ́ sesẽ si axɔ nam,
elabe wòe nye nye agakpe
kple mɔ́.
4O Mawu, ɖem tso ame vɔ̃ɖi la si me,
tso nu madzɔmadzɔ wɔla
kple ŋutasẽla la ƒe fego me.
5Elabe wò, Aƒetɔ lae, nye nye mɔkpɔkpɔ.
Aƒetɔ, wò ŋu meɖoa ŋu ɖo
tso nye ɖevime ke.
6Ŋuwò meziɔ ɖo tso esime wodzim;
wòe ɖem tso nɔnye ƒe dɔme.
Nye kafukafu enuenu nye tɔwò.
7Nukunu menye na ame geɖewo;
ke wòe nye nye sitsoƒe sesẽ.
8Nye nu yɔ fũu kple wò kafukafu
kpakple wò bubu, ŋkekeawo katã.
9Mègatsɔm ƒu gbe le nye tsitsime o,
eye mègagblẽm ɖi ne ŋusẽ vɔ le ŋunye o.
10Elabe nye futɔwo le nu ƒom le ŋunye,
ame siwo le nye agbe ɖiam la,
le ta kpem ɖe ŋunye;
11wogblɔ be:
“Mawu gblẽe ɖi, miti eyome ne mialée,
elabe ame aɖeke meli aɖee o.”
12Mawu, mèganɔ adzɔge tso gbɔnye o,
nye Mawu, ʋã nàkpe ɖe ŋunye!
13Na ŋu nakpe ame siwo tsɔ nya ɖe ŋunye la,
eye na woatsrɔ̃;
ame siwo le didim be yewoawɔ nu vevim la,
na woaɖe alɔ me le wo ŋu, eye woado vlo wo.
14Ke nyea manɔ mɔkpɔkpɔ dzi,
eye makafu wò, agakafu wò.
15Nye nu axlẽ wò nu dzɔdzɔe wɔwɔwo
kple wò xɔnamedɔ siwo nèwɔna ŋkeke blibo la, afia,
elabe woƒe xexlẽme gbɔ nye nunya ŋu.
16Mava kple Aƒetɔ Mawu ƒe nu dzɔtsuwo;
makafu wò nu dzɔdzɔe wɔwɔ;
tɔwò ɖeɖe ko makafu.
17Mawu, èfia num le nye ɖekakpuime,
eye va se ɖe fifia hã,
mele gbeƒã ɖem wò nukudɔwo.
18Mawu, eya ta esi metsi ƒo wɔ hã
mègagblẽm ɖi o,
va se ɖe esi maɖe gbeƒã wò ŋusẽ
na dzidzime siwo gbɔna.
Ẽ, wò ŋusẽ,
19Mawu, wò ŋusẽ
kple wò nu dzɔdzɔe wɔwɔ, kɔ de dziƒowo ke.
Wòe wɔ nu gãwo,
o Mawu, ame kae le abe wò ene?
20Wò, ame si na meto fukpekpe sesẽwo me,
wòe agagbɔ agbem, àɖem tso ʋe goglowo me,
eye àgakɔm ɖe dzi.
21Àna nye bubu nadzi ɖe edzi,
eye àgafa akɔ nam.
22O nye Mawu, nye hã matsɔ kasaŋku
akafu wòe
le wò nuteƒewɔwɔ ta;
madzi ha akafu wò kple gakasaŋku,
o Israel ƒe Kɔkɔetɔ la.
23Make nu ado ɣli kple dzidzɔ,
ne mele kafukafuha dzim na wò;
nye luʋɔ si nèɖe hã
awɔ nenema.
24Nye aɖe aƒo nu le wò nu dzɔdzɔe
si naa kpekpeɖeŋu
ame ŋu la ŋkeke bliboa.
Elabe wodo ŋukpe ame siwo
di be yewoawɔ nu vevim la,
eye wodo vlo wo.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.