Psalmowo 53
53
Amegbetɔ ƒe vɔɖivɔ̃ɖinyenye
(Na hadzihakplɔla. David ƒe nufiameha. Woadzii kple nublanuigbe)
1 #
Rom 3.10-12. Movitɔ gblɔna le eƒe dzime be:
“Mawu aɖeke meli o.”
Wowɔa nu fitifiti,
wowɔa nuvɔ̃ɖi siwo nyɔa ŋu la;
ame aɖeke meli si wɔa nu nyui o.
2Mawu kpɔ amegbetɔ viwo ɖa tso dziƒo
be yeakpɔ ɖa be ame nyanu aɖe li
si biaa Mawu ta sena mahã?
3Wo katã wosa ɖe aga;
wo katã wogblẽ keŋ.
Ame aɖeke meli si wɔa nu nyui o;
gbeɖe, ɖeka pɛ hã meli o.
4Ɖe nu vlo wɔla siawo gbe nugɔmesese,
ame siwo ɖua nye dukɔmeviwo
abe ale si woɖua aboloe ene,
eye wogbe Mawu subɔsubɔa?
5Kpɔ wo ɖa, wole ŋɔdzi gã me,
ŋɔdzi si ƒomevi menɔ anyi kpɔ o!
Elabe Mawu akaka mawumavɔ̃lawo
ƒe ƒuwo;
woado ŋukpe wo,
elabe Mawu gbe wo.
6O ko ɖeɖe natso Zion ava na Israel ɖe!
Ne Mawu agaɖo eƒe dukɔ
ƒe nunyonamewo te la,
Yakob atso aseye,
eye Israel akpɔ dzidzɔ.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.