Psalmowo 52
52
Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ kple amenuveve
(Ha na hadzihakplɔla. David ƒe nufiameha esime Doeg, Edomtɔ la va gblɔ na Saul be: “David le Abimelex ƒeme.”)
1Ŋutsu kalẽtɔ,
nu ka ta nànɔ adegbe ƒom
le nu gbegblẽ si nèwɔ
ɖe mawuvɔ̃lawo ŋuti?
2Nugbegblẽ ƒe nugbe ko ɖom nèle
le ŋkeke bliboa me.
Wò aɖe le abe talũhɛ ɖaɖɛ ene,
wò ayemenuwɔla.
3Èlɔ̃ nuvɔ̃ɖi wu nu nyui
kple aʋatsokaka wu nyateƒe. (Tɔ vie)
4O alakpaɖe!
Èlɔ̃ nya siwo katã gblẽa nu.
5Ke Mawu agbã wò tegbee;
ahe wò tso wò agbadɔ me avuvu;
aho wò kple ke
atso agbagbeawo ƒe anyigba dzi. (Tɔ vie)
6Nu dzɔdzɔe wɔla akpɔe, avɔ̃,
eye wòakoe agblɔ be:
7“Kpɔ ŋutsu si metsɔ Mawu
wɔ eƒe sitsoƒee o,
ke boŋ wòɖo dzi ɖe
eƒe kesinɔnu gbogboawo ŋu,
eye wòtsɔ eƒe nunɔamesiwo wɔ eƒe sitsoƒee
la ɖa!”
8Ke nyea mele abe amiti dama ene
le Mawu ƒe aƒe la me.
Meɖoa ŋu ɖe Mawu ƒe amenuveve ŋu
tegbetegbee.
9Mada akpe na wò yi mavɔ me,
elabe wòe wɔe.
Maɖe gbeƒã wò ŋkɔ,
elabe enyo,
le mawuvɔ̃lawo ŋkume.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.