Psalmowo 49
49
Dziɖoɖo ɖe kesinɔnuwo ŋu nye bometsitsi
(Ha na hadzihakplɔla. Korax viwo ƒe hae)
1Mi dukɔwo katã, mise esia!
Mi xexemenɔlawo katã, miɖo to,
2ame gblɔewo kple ame gãwo,
kesinɔtɔwo kple ame dahewo siaa!
3Make nu aƒo nu nunyatɔe;
nye dzimesusu anye gɔmesese.
4Malé to ɖe lododo ŋu;
maɖe nye adzo gɔme
ɖe kasaŋku ƒe ɖiɖi ŋu.
5Nu ka ta mavɔ̃ le fukpeɣiwo me,
esime yonyemetilawo ƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ ƒo xlãm,
6ame siwo ɖoa dzi ɖe woƒe nunɔamesiwo ŋu,
eye woƒoa adegbe le woƒe kesinɔnuwo
ƒe agbɔsɔsɔ ŋu?
7Nyateƒee, ame aɖeke mate ŋu aƒle eɖokui ta
alo axe fe ɖe eƒe agbe ta na Mawu o;
8elabe fe si wòaxe ɖe eƒe agbe ta xɔ asi,
eye ga made enu gbeɖe
9be ame nanɔ agbe kakaka,
eye mayi aʋlime gbeɖe o.
10 #
Sir 11.19. Ẽ, akpɔe be nunyalawo gɔ̃ hã kuna,
movitɔwo kple bometsilawo siaa atsrɔ̃,
eye woagblẽ woƒe nunɔamesiwo ɖi na ame bubuwo.
11Woƒe yɔdowo nye woƒe aƒe mavɔ,
teƒe siwo woanɔ tso dzidzime yi dzidzime,
togbɔ be woyɔ wo ŋkɔ ɖe anyigbawo ŋu
be wonye woawo ŋutɔ tɔ hã.
12Amegbetɔ mate ŋu anɔ atsyɔ̃ɖoɖo me o,
ele abe gbemelã siwo tsrɔ̃na la ene.
13Ame siwo kana ɖe wo ɖokui dzi movitɔe la
ƒe zɔzɔmee nye esia,
ame siwo kpɔa ŋudzedze
le ame mawo ƒe nunɔamesiwo ŋu hã
ƒe nuwuwu nɔna alea. (Tɔ vie)
14Abe alẽwo ene la, woɖo wo ɖi na tsiẽƒe yiyi,
ku anye woƒe kplɔla;
woaɖi abu tẽe ayi yɔdo me,
woƒe nɔnɔme anyunyɔ;
tsiẽƒe anye woƒe aƒe.
15Ke Mawu aɖe nye luʋɔ
tso tsiẽƒe ƒe ŋusẽ si me,
elabe axɔm. (Tɔ vie)
16Ne ame aɖe zu kesinɔtɔ,
ne bubu le gã dom ɖe edzi le eƒe aƒe ŋu la,
mègavɔ̃ o.
17Elabe ne eku la, matsɔ naneke adzoe o;
eƒe bubu makplɔe ɖo ayi kplii o.
18Togbɔ be ebua eɖokui
dzidzɔkpɔlae le agbe me,
eye togbɔ be amewo kafua
eƒe nu nyui wɔwɔ na eɖokui hã la,
19ayi tɔgbuiawo gbɔ,
ame siwo magakpɔ kekeli akpɔ gbeɖe o.
20Amegbetɔ mate ŋu anɔ atsyɔ̃ɖoɖo me o,
ele abe gbemelã siwo tsrɔ̃na la ene.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.