رفتن به محتوا

Psalmowo 48

48
Zion, Mawu ƒe du la
(Hadzidzi. Korax viwo ƒe hae)
1Aƒetɔ lolo,
edze kafukafu ŋutɔ
le mía Mawu ƒe du la me!
Eƒo to kɔkɔe la ta.
2 # Mat 5.35. Enyakpɔna le kɔkɔeƒe,
enye anyigba blibo la ƒe dzidzɔ,
Zion-to si le dzigbeme ʋĩi ke,
nye Fiagã la ƒe du.
3Le eƒe fiasãwo me
Mawu ɖe eɖokui fia,
be yenye etaʋlila si ŋu woaɖo ŋu ɖo.
4Elabe kpɔ ɖa, fiawo ƒo ƒu,
wo katã ho va kpe ta.
5Esi wokpɔe teti ko la, ewɔ nuku na wo,
dzidzi ƒo wo, eye wosí dzo.
6Wodzo nyànyanya le afi ma,
eye wose veve
abe nyɔnu si le ku lém ene.
7Ètsɔ ɣedzeƒeya gbã Tarsis-tɔdziʋuwo
gudugudu.
8Abe ale si míesee ene la,
nenema míekpɔe
le Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la, ƒe du la me,
le mía Mawu ƒe du
si wòɖo anyi tegbee la me. (Tɔ vie)
9Mawu, míebu tame le wò amenuveve ŋu
le wò gbedoxɔ me.
10Mawu, ale si wò ŋkɔ de dui la,
nenemae wokafua wò yi anyigba ƒe seƒe ke.
Wò nuɖusi yɔ fũu kple dziɖuɖu;
11na Zion-to nakpɔ dzidzɔ!
Na Yuda nyɔnuviwo natso aseye
le wò ʋɔnudɔdrɔ̃ ta!
12Mizɔ ƒo xlã Zion godoo,
mizɔ ƒo xlãe kpe ɖo;
mixlẽ eƒe xɔ tsralawo,
13milé ŋku ɖe eƒe gli sesẽwo ŋu,
mizɔ eƒe fiasãwo me;
ne miatu xo na dzidzime siwo gbɔna
14be: Mawue nye esi,
mía Mawu tso mavɔ me yi mavɔ.
Eyae anye mía kplɔla yi mavɔ me.