Psalmowo 41
41
Gbedodoɖa le dɔléɣi
(David ƒe ha na hadzihakplɔla)
1Woyra ame si tsɔa ɖe le eme na hiãtɔ!
Aƒetɔ ɖenɛ le xaxagbe.
2Aƒetɔ kpɔa eta,
eye wòléa eƒe agbe ɖe te;
woyɔnɛ le anyigba la dzi be yayratɔ;
mègblẽnɛ ɖe eƒe futɔwo si me o.
3Aƒetɔ kpɔa eta le eƒe dɔba dzi.
Ne ele dɔ lém la, wòe daa gbe
le eƒe lãmegbegblẽwo katã ŋu.
4Nye ya megblɔ be:
“Ve nunye, o Aƒetɔ,
yɔ dɔm, elabe mewɔ nuvɔ̃ ɖe ŋuwò!”
5Nye futɔwo le gbɔgblɔm vɔ̃edinametɔe
le ŋunye be:
“Ɣe ka ɣie wòaku,
ne eŋkɔ navɔ ɖa?”
6Ne ame aɖe va kpɔm ɖa la,
egblɔa nya ƒuƒluwo ko,
esime nu gbegblẽ wɔwɔ le eƒe dzime.
Ne edo go la, eyina ɖakakanɛ.
7Ame siwo katã lé fum la
ƒoa ƒu nɔa dalĩ dom le ŋunye;
nu si vɔ̃ɖi wu ko wobuna ɖe ŋunye.
8Wogblɔna be:
“Kudɔ ŋutɔ lém wòle,
megale fɔfɔ ge tso afi si wòmlɔ la o.
9 #
Mat 26.23; Mar 14.18; Luk 22.21; Yoh 13.18. Xɔ̃nye vevitɔ kekeake
si dzi mekana ɖo,
ame si ɖu nu le gbɔnye la hã,
trɔ ʋu le yonyeme, dem asi.
10Ke wò, Aƒetɔ ya, ve nunye,
eye nàfɔm ɖe te,
be maɖo eteƒe na wo!
11To esia me medze sii be
nye nu nyoa ŋuwò;
elabe nye futɔ meɖu dzinye,
tso aseye o.
12Ke wò la, èlém ɖe te
elabe nyemeɖi fɔ o,
eye nètsɔm ɖo wò
ŋkume tegbee.
13 #
Ps 106.48. Woakafu Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la,
tso mavɔ me yi mavɔ me.
Amen, ẽ, Amen!
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.