Psalmowo 40
40
Kafukafuha
(David ƒe ha na hadzihakplɔla)
1Megbɔ dzi ɖi kpɔ mɔ na Aƒetɔ kakaka;
etrɔ to ɖe ŋunye, se nye ɣlidodo.
2Eɖem tso do si me metsi akogo le la me#40.2: Hebri-gbe la be: Eɖem tso do si me zitɔtɔ le la me.,
tso ba finyafinya me,
hetsɔm ɖo agakpe dzi,
ale nye azɔli ɖo te nu.
3Ede ha yeye nu nam
ha, si akafu mía Mawu la.
Ame geɖewo akpɔe, avɔ̃,
eye woaɖo dzi ɖe Aƒetɔ ŋu.
4Woyra ame si ɖoa ŋu ɖe Aƒetɔ ŋu,
ame si metrɔna ɖe dàdalawo ŋu o,
ame si metrɔna ɖe ame siwo tra mɔ
dze alakpamawuwo yome la ŋu o!
5O Aƒetɔ, nye Mawu,
edzi nukunu siwo nèwɔ na mí
kple susu siwo nèɖe ɖe mía ŋu
ɖe edzi ale gbegbe;
ame aɖeke mate ŋu asɔ kpli wò o!
Ne mebe maƒo nu aɖe gbeƒã le wo ŋu la,
womele xexlẽme o.
6 #
Heb 10.5-7. Mèdia akpedadavɔsa kple numemevɔsa o;
gake èʋu to nam.
Mèbia numemevɔsa kple nuvɔ̃vɔsa o.
7Tete megblɔ be:
“Kpɔ ɖa, meva;
woŋlɔ nu ɖe agbalẽ la me tso ŋutinye.
8O, nye Mawu, enye dzidzɔ nam
be mawɔ wò lɔlɔ̃nu;
wò se la le nye dzime.”
9Meɖe gbeƒã wò ɖeɖenya si nye dzidzɔnya la,
le ameha gãwo dome;
kpɔ ɖa, nyememia nu ɖe edzi o,
o Aƒetɔ, abe ale si nènya ene.
10Nyemeɣla wò kpekpeɖeŋu
si xɔ nam la ɖe nye dzime o,
meƒo nu tso wò nuteƒewɔwɔ kple xɔname ŋuti.
Nyemeɣla wò amenuveve la kple wò nuteƒewɔwɔ
ɖe ameha gã la o.
11O Aƒetɔ, mègate
wò nublanuikpɔkpɔm o,
na wò amenuveve kple wò nuteƒewɔwɔ
nadzram ɖo tegbee.
12Elabe nuvɔ̃ɖi siwo mele xexlẽme o la
ɖe to ɖem,
nye nuvɔ̃ɖi wɔwɔwo zu agba nam
ale gbegbe be nyemagate ŋu kpɔ nu o;
wosɔ gbɔ wu nye taɖa,
dzi ɖe le ƒonye keŋkeŋ.
13O Aƒetɔ, lɔ̃ nàɖem dzro!
Ao, Aƒetɔ, ɖe abla nàkpe ɖe ŋunye!
14Na ame siwo katã le didim be yewoaɖe
nye agbe ɖa la natɔtɔ,
eye ŋu nakpe wo;
na woado vlo ame siwo di be yewoawɔ
nu vevim la,
eye woate gbugbɔ ɖe megbe!
15Na ame siwo le gbɔgblɔm ɖe ŋunye be:
“Ehɛ̃, ehɛ̃” la,
ƒe nu naku le woƒe ŋukpe ta!
16Ke na ame siwo katã dia wò la
natso aseye, eye woakpɔ dzidzɔ le mewò;
ame siwo lɔ̃a wò xɔname la
nagblɔ edziedzi be:
“Aƒetɔ lolo!”
17Nye ya la, ame dahe kple hiãtɔ menye;
ke Aƒetɔ la bua ŋunye.
Nye ɖela kple kpeɖeŋutɔ nènye,
o nye Mawu, mègahe ɖe megbe o!
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.