Mose IV 1

1
Israelviwo xexlẽ zi gbãtɔ
1 # Mos IV, 26.1-51. Esi Israelviwo ʋu tso Egipte-nyigba dzi le ƒe eve megbe la, Aƒetɔ ƒo nu kple Mose le ɣleti evelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi le godoƒegbadɔ me le Sinai-gbedadaƒo. Egblɔ nɛ be: 2“Mixlẽ Israelviwo ƒe ha blibo la le woƒe ƒomewo kple woƒe aƒekɔwo nu. Miŋlɔ ŋutsuwo katã ŋkɔ ɖekaɖeka. 3Mitia ame siwo xɔ ƒe bla eve kple vɔ, eye woate ŋu ade aʋa la miaxlẽ hamehame. 4Miɖe ŋutsu ɖekaɖeka siwo nye tatɔ le woƒe aƒekɔwo nu le to sia to me la woakpe ɖe mia ŋu. 5Ŋutsu siwo akpe ɖe mia ŋu la ŋkɔwo nye esi: Elizur, Sedeur vi, tso Ruben-to la me; 6Selumiel, Zurisadat vi, tso Simeon-to la me; 7Naheson, Aminadab vi, tso Yuda-to la me; 8Netaneel, Zuar vi, tso Isaxar-to la me; 9Eliab, Xelon vi, tso Zebulon-to la me; 10Yosef viwo tɔwo nye: Elisama, Amihud vi, tso Efrayim-to la me. 11Abidan, Gideoni vi, tso Benyamin-to la me. 12Axiezer, Amisadai vi, tso Dan-to la me; 13Pagiel, Oxran vi, tso Aser-to la me; 14Alyasaf, Deguel vi, tso Gad-to la me; 15Axira, Enan vi, tso Naftali-to la me.” 16Ame siawoe wotia le ha la dome eye wonye wo tɔgbuiwo ƒe towo ƒe amegãwo kple tatɔwo le Israel ƒe toawo nu.
17Mose kple Aron tsɔ ŋutsu siawo, siwo woyɔ la, 18eye le ɣleti evelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, woƒo ƒu ameha blibo la ɖekae. Wode ame siwo xɔ ƒe bla ene kple vɔ la ŋkɔwo dzidzimegbalẽ me ɖekaɖeka le woƒe ƒomewo kple woƒe aƒekɔwo nu, 19abe ale si Aƒetɔ gblɔ na Mose be newɔe ene. Ale exlẽ wo le Sinai-gbedadaƒo.
20Woxlẽ Ruben, Israel ƒe ŋgɔgbevi la ƒe amewo, ɖe woƒe dzidzimeviwo, ɖe woƒe ƒomewo, wo tɔ́wo ƒe aƒekɔ, woƒe ŋkɔwo ƒe xexlẽme nu, tatɔ ɖe tatɔ yome, ŋutsu sia ŋutsu si xɔ ƒe bla eve kple vɔ siwo katã ate ŋu ade aʋa la: 21Ruben-to la ƒe amewo ƒe xexlẽme le ame akpe bla ene vɔ ade alafa atɔ̃.
22Woxlẽ Simeon ƒe amewo, ɖe woƒe dzidzimeviwo, woƒe ƒomewo, wo tɔ́wo ƒe aƒekɔ, ɖe woƒe ŋkɔwo ƒe xexlẽme nu, tatɔ ɖe tatɔ yome, ŋutsu sia ŋutsu si xɔ ƒe bla eve kple vɔ siwo katã ate ŋu ade aʋa la: 23Simeon-to la ƒe amewo ƒe xexlẽme le akpe bla atɔ̃ vɔ asieke alafa etɔ̃.
24Woxlẽ Gad ƒe amewo, ɖe woƒe dzidzimeviwo, woƒe ƒomewo, wo tɔ́wo ƒe aƒekɔ, ɖe woƒe ŋkɔwo ƒe xexlẽme nu, tatɔ ɖe tatɔ yome, ŋutsu sia ŋutsu si xɔ ƒe bla eve kple vɔ siwo katã ate ŋu ade aʋa la: 25Gad-to la ƒe amewo ƒe xexlẽme le akpe bla ene vɔ atɔ̃ alafa ade bla atɔ̃.
26Woxlẽ Yuda ƒe amewo, ɖe woƒe dzidzimeviwo, woƒe ƒomewo, wo tɔ́wo ƒe aƒekɔ, ɖe woƒe ŋkɔwo ƒe xexlẽme nu, tatɔ ɖe tatɔ yome, ŋutsu sia ŋutsu si xɔ ƒe bla eve kple vɔ siwo katã ate ŋu ade aʋa la: 27Yuda-to la ƒe amewo ƒe xexlẽme le akpe bla adrẽ vɔ ene alafa ade.
28Woxlẽ Isaxar ƒe amewo, ɖe woƒe dzidzimeviwo, woƒe ƒomewo, wo tɔ́wo ƒe aƒekɔ, ɖe woƒe ŋkɔwo ƒe xexlẽme nu, tatɔ ɖe tatɔ yome, ŋutsu sia ŋutsu si xɔ ƒe bla eve kple vɔ siwo katã ate ŋu ade aʋa la: 29Isaxar-to la ƒe amewo ƒe xexlẽme le akpe bla atɔ̃ vɔ ene alafa ene.
30Woxlẽ Zebulon ƒe amewo, ɖe woƒe dzidzimeviwo, woƒe ƒomewo, wo tɔ́wo ƒe aƒekɔ, ɖe woƒe ŋkɔwo ƒe xexlẽme nu, tatɔ ɖe tatɔ yome, ŋutsu sia ŋutsu si xɔ ƒe bla eve kple vɔ siwo katã ate ŋu ade aʋa la: 31Zebulon-to la ƒe amewo ƒe xexlẽme le akpe bla atɔ̃ vɔ adrẽ alafa ene.
32Woxlẽ Efrayim ƒe amewo, ɖe woƒe dzidzimeviwo, woƒe ƒomewo, wo tɔ́wo ƒe aƒekɔ, ɖe woƒe ŋkɔwo ƒe xexlẽme nu, tatɔ ɖe tatɔ yome, ŋutsu sia ŋutsu si xɔ ƒe bla eve kple vɔ siwo katã ate ŋu ade aʋa la: 33Efrayim-to la ƒe amewo ƒe xexlẽme le akpe bla ene alafa atɔ̃.
34Woxlẽ Manase ƒe amewo, ɖe woƒe dzidzimeviwo, woƒe ƒomewo, wo tɔ́wo ƒe aƒekɔ, ɖe woƒe ŋkɔwo ƒe xexlẽme nu, tatɔ ɖe tatɔ yome, ŋutsu sia ŋutsu si xɔ ƒe bla eve kple vɔ siwo katã ate ŋu ade aʋa la: 35Manase-to la ƒe amewo ƒe xexlẽme le akpe bla etɔ̃ vɔ eve alafa eve.
36Woxlẽ Benyamin ƒe amewo, ɖe woƒe dzidzimeviwo, woƒe ƒomewo, wo tɔ́wo ƒe aƒekɔ, ɖe woƒe ŋkɔwo ƒe xexlẽme nu, tatɔ ɖe tatɔ yome, ŋutsu sia ŋutsu si xɔ ƒe bla eve kple vɔ siwo katã ate ŋu ade aʋa la: 37Benyamin-to la ƒe amewo ƒe xexlẽme le akpe bla etɔ̃ vɔ atɔ̃ alafa ene.
38Woxlẽ Dan ƒe amewo, ɖe woƒe dzidzimeviwo, woƒe ƒomewo, wo tɔ́wo ƒe aƒekɔ, ɖe woƒe ŋkɔwo ƒe xexlẽme nu, tatɔ ɖe tatɔ yome, ŋutsu sia ŋutsu si xɔ ƒe bla eve kple vɔ siwo katã ate ŋu ade aʋa la: 39Dan-to la ƒe amewo ƒe xexlẽme le akpe bla ade vɔ eve alafa adrẽ.
40Woxlẽ Aser ƒe amewo, ɖe woƒe dzidzimeviwo, woƒe ƒomewo, wo tɔ́wo ƒe aƒekɔ, ɖe woƒe ŋkɔwo ƒe xexlẽme nu, tatɔ ɖe tatɔ yome, ŋutsu sia ŋutsu si xɔ ƒe bla eve kple vɔ siwo katã ate ŋu ade aʋa la: 41Aser-to la ƒe amewo ƒe xexlẽme le akpe bla ene vɔ ɖekɛ alafa atɔ̃.
42Woxlẽ Naftali ƒe amewo, ɖe woƒe dzidzimeviwo, woƒe ƒomewo, wo tɔ́wo ƒe aƒekɔ, ɖe woƒe ŋkɔwo ƒe xexlẽme nu, tatɔ ɖe tatɔ yome, ŋutsu sia ŋutsu si xɔ ƒe bla eve kple vɔ siwo katã ate ŋu ade aʋa la: 43Naftali-to la ƒe amewo ƒe xexlẽme le akpe bla atɔ̃ vɔ etɔ̃ alafa ene.
44Esiawo nye ame siwo Mose kple Aron kpakple Israel ƒe amegãwo tia xlẽ. Amegãwo le ame wui eve, to ɖeka ame ɖeka. 45Wotia Israelviwo katã xlẽ le wo tɔ́wo ƒe aƒewo nu, ame siwo katã xɔ ƒe bla eve kple vɔ, eye woate ŋu ade aʋa le Israel la. 46Wo katã ƒe ƒuƒoƒo nye akpe alafa ade kple etɔ̃ alafa atɔ̃ bla atɔ̃.
47Ke womexlẽ Levi viwo ya ŋlɔ kpe ɖe Israel-to bubuawo ŋu o, 48elabe Aƒetɔ gblɔ na Mose be: 49“Ne èle ameawo xlẽm la, mègaxlẽ Levi viwo ya de to bubuawo ƒe xexlẽme me o. 50Ke boŋ nà woawo nakpɔ agbadɔ si me se la le kple eŋu nuwo katã dzi. Woawo natsɔ agbadɔ la kple eŋu nuawo, akpɔ wo dzi, eye woaƒu asaɖa anyi aƒo xlãe godoo. 51Ne miele hoho ge le teƒe aɖe la, Levi viwo nakaka agbadɔ la atsɔ, eye ne mieɖo nɔƒe si mianɔ la, woawo natui. Evɔ ne ame bubu aɖe te ɖe agbadɔa ŋu la, wonewui. 52Israelvi bubuawo naƒu asaɖa anyi hamehame ɖe woƒe nɔƒewo le woƒe aflagawo gbɔ. 53Ke Levi viwo ya naƒu asaɖa anyi aƒo xlã agbadɔ si me se la le la godoo, eye woadzɔ eŋu le ɖoɖoawo nu, ale be ame aɖeke nagate ɖe eŋu, eye mado dɔmedzoe ɖe Israel-ha blibo la ŋu o.” 54Ale Israelviwo wɔ nu sia nu pɛpɛpɛ abe ale si Aƒetɔ gblɔ na Mose ene.

اکنون انتخاب شده:

Mose IV 1: EB14

های‌لایت

کپی

مقایسه

به اشتراک گذاشتن

None

می خواهید نکات برجسته خود را در همه دستگاه های خود ذخیره کنید؟ برای ورودثبت نام کنید یا اگر ثبت نام کرده اید وارد شوید