Mose III 5
5
Go siwo me nuvɔ̃vɔsa hiã le ƒe kpɔɖeŋu aɖewo
1“Ne wobia tso ame aɖe si be neva ɖi ɖase le ʋɔnu, eye wògbe megblɔ nane si teƒe wòkpɔ alo nane si le nyanya me nɛ o la, eda vo; akpɔ eƒe nuvɔ̃ɖi la ŋu tohehe. 2Ne ame aɖe ka asi nu makɔmakɔ aɖe ŋu, gbemelã makɔmakɔ aɖe ƒe kukua, alo aƒemelã makɔmakɔ aɖe ƒe kukua, alo nutata makɔmakɔ aɖe ƒe kukua ŋu le manyamanya me la, egblẽ kɔ ɖo; ezu ame makɔmakɔ kple fɔɖila. 3Ne ame aɖe menya o, ko wòka asi ame makɔmakɔ aɖe alo eƒe nane ŋu, ne wòva nya be yeka asi nu makɔmakɔ ŋu ko la, egblẽ kɔ ɖo; ezu ame makɔmakɔ kple fɔɖila. 4Alo ne atam ge le ame aɖe nu, eɖanye vɔ̃ alo nyui dzi wòka atam la ɖo, be yeawɔ o, eye menyae o, emegbe wòdze sii la, ekema eɖi nu siawo dometɔ ɖeka ƒe fɔ. 5Ne ame aɖe ɖi fɔ to nu siawo dometɔ aɖe wɔwɔ me la, ele be wòaʋu nuvɔ̃ si wòwɔ la me le gaglãgbe, 6eye wòatsɔ alẽnɔ alo gbɔ̃nɔ ava sa nuvɔ̃vɔ na Aƒetɔ le vo si wòda heɖi fɔ la ta. Ekema nunɔla la atsɔ lãa asa vɔ alé avu nɛ.
7“Ke ne ame aɖe mate ŋu akpɔ alẽnɔ alo gbɔ̃nɔ ana o la, ekema ate ŋu atsɔ akpakpa eve alo ahɔnɛ eve vɛ woatsɔ sa vɔ na Aƒetɔ. Woatsɔ ɖeka asa nuvɔ̃vɔ, eye woatsɔ evelia asa numemevɔ. 8Amea natsɔ wo vɛ na nunɔla. Nunɔla la alé esi wotsɔ le nuvɔ̃vɔ sa gee la gbã, atro kɔ le enu gake mana taa naɖe ɖa le enu o. 9Eyome ahlẽ ʋua ƒe ɖe ɖe vɔsamlekpuia ŋu, eye wòana mamlɛa naɖuɖu ɖe vɔsamlekpuia te. Vɔsa sia nye nuvɔ̃kɔklɔɖa vɔsa. 10Azɔ wòana woatsɔ xevi evelia asa numemevɔ le ɖoɖo si wowɔ ɖi ɖe numemevɔsasa ŋuti la nu. Ne ewɔ esia ko la, esa vɔ le amea ƒe nuvɔ̃ la ta, eye woatsɔe akee.
11“Ke ne amea mate ŋu ana akpakpa eve alo ahɔnɛ eve o la, ekema netsɔ wɔ memee kilo ɖeka vɛ abe eƒe vɔsanu ene. Megakɔ ami ɖe edzi o, eye megatsɔ lifi hã kpe ɖe eŋu o, elabe nuvɔ̃vɔsa wònye. 12Atsɔ wɔa vɛ na nunɔla la. Nunɔla la aku asiʋlo ɖeka akɔ ɖe Aƒetɔ ƒe dzovɔsa siwo le vɔsamlekpuia dzi xoxo la dzi, eye wòatɔ dzo wo. Wɔ asiʋlo ɖeka ma nye ŋkuɖodzisiʋlo.#5.12: ŊKUƉODZISIƲLO: Wobui be ana Aƒetɔ ƒe ŋku anɔ ame si va sa vɔa la dzi ɖaa. Vɔsa sia ƒe taɖodzinue nye be wòaklɔ ame si va sa vɔa la ƒe nuvɔ̃ ɖa. 13Aleae nunɔla la lasa vɔa le amea ƒe vo si wòda le nu siawo ƒomevi aɖe gome la ta, eye woatsɔ vodada la akee. Wɔ si susɔ la nye nunɔla la tɔ, abe ale si wònɔna le nuɖuɖuvɔsa gome ene.”
Vɔsasa le fɔɖiɖi ta ŋuti se
14Aƒetɔ gblɔ na Mose be: 15“Ne ame aɖe ɖe ŋu ɖi ale be vɔsanu siwo wòle be wòaxe na Aƒetɔ dometɔ aɖe tsi eŋu la, eɖi fɔ. Ele nɛ be wòadi agbo atsɔ va sa vɔ na Aƒetɔ atsɔ alé avui le fɔ si eya amea ɖi le manyamanya me la ta. Ele be agbo si naneke mewɔ afi aɖeke na o la ƒe home nasɔ kple kɔkɔeƒe la tɔ. Fɔɖiɖivɔsa wònye. 16Hekpe ɖe esia ŋu la, ele be wòana nu si wòle be wòaxe tsã hafi mexee o la, adi eƒe atɔ̃liawo ɖeka akpee, eye wòatsɔe yi na nunɔla. Nunɔlaa atsɔ agbo asa vɔe ɖe amea ƒe nuvɔ̃ ta, eye woatsɔ nuvɔ̃ la akee.
17“Ne ame aɖe menya o, eye wòda Aƒetɔ ƒe seawo dometɔ aɖe dzi la, eɖi fɔ; akpɔ eŋu tohehe. 18Ele nɛ be wòatsɔ agbo si naneke mewɔ afi aɖeke na o, eye wòdze na fɔɖiɖivɔsa la ava nunɔla gbɔ, eye nunɔlaa nalé avu nɛ le vo si wòda le ŋuɖeɖi me la ta. Ekema woatsɔ eƒe vodada la akee. 19Fɔɖiɖivɔsa wònye elabe, le nyateƒe me la, amea da vo ɖe Aƒetɔ ŋu.”
اکنون انتخاب شده:
Mose III 5: EB14
هایلایت
کپی
مقایسه
به اشتراک گذاشتن
می خواهید نکات برجسته خود را در همه دستگاه های خود ذخیره کنید؟ برای ورودثبت نام کنید یا اگر ثبت نام کرده اید وارد شوید
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.

: