Mose III 21
21
Ele be nunɔlawo nanɔ agbe dzadzɛ
1Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Gblɔ na Aron viŋutsuawo siwo nye nunɔlawo la be wo dometɔ aɖeke megagblẽ kɔ ɖo na eɖokui to tete ɖe ame kuku ŋu me le eƒe dukɔ me o, 2negbe ne ame si ku la nye eƒe ƒometɔ kekeake, le kpɔɖeŋu me nɔa, tɔ́a, via ŋutsu, via nyɔnu, nɔvia ŋutsu 3alo nɔvia nyɔnu si meɖe srɔ̃ haɖe o, le eya gome la, ate ŋu agblẽ kɔ ɖo dzro. 4Ke mekpɔ mɔ aƒo ɖi eɖokui le srɔ̃a ƒe ƒometɔ aɖeke ƒe kukua ta be wòagblẽ kɔ ɖo na eɖokui le eƒe dukɔ la me o.#21.4: Kpukpui 4 lia sia me mekɔ le Hebri Biblia la ŋutɔ hã me o. 5#Mos III, 19.27, 28; Mos V, 14.1. “Nunɔla aɖeke mekpɔ mɔ alũ teƒe kotoe aɖeke ɖe ta ƒe akpa aɖe, alo afɔ eƒe ge dzi wòazu kpuie, alo asi eƒe ŋutigbalẽ o. 6Ele be woanɔ kɔkɔe na woƒe Mawu; mele be woawɔ naneke si ana amewo nado vlo Mawu ŋkɔ o. Woƒe dɔ wònye be woanɔ dzovɔsa wɔm na Aƒetɔ, dzovɔsa si nye nuɖuɖu na woƒe Mawu la. Eya ta ele be woanɔ kɔkɔe. 7Ɖeke mekpɔ mɔ aɖe nyɔnu si nya ŋutsu o, kaka wòava zu be nyɔnua nye gbolo kpɔ, alo nyɔnu si wogblẽ, alo nye ame aɖe si kple srɔ̃a dome klã la o, elabe ne ame aɖe xɔ ŋkɔ be nunɔla ko, ame kɔkɔe wònye na eƒe Mawu. 8Ele be woayrae wòanɔ kɔkɔe, elabe eyae tsɔa abolo saa vɔe na mia Mawu la. Bu nunɔla ame kɔkɔe elabe nye Aƒetɔ si kɔ mia ŋu la, ɖe mele kɔkɔe. 9Ne nunɔla aɖe ƒe vi zu gbolo la, eda tɔ́a ɖe anyi vevie ŋutɔ eya ta ele be woatɔ dzoe wòaku.
10“Nunɔlagãe nye nunɔlawo ƒe tatɔ; wokɔ ami ɖe tame nɛ, eye wokɔ eŋu be wòanɔ nunɔlagãwuwo dom; eya ta mele be wòawɔ ɖa ɖe ta hlayii alo adze eƒe awuwo o. 11Mekpɔ mɔ ate ɖe ame kuku ŋu o; ne ete ɖe ame kuku ŋu ko egblẽ kɔ ɖo na eɖokui. Nenye tɔ́a alo nɔa ƒe kukuae hã, mekpɔ mɔ ate ɖe eŋu o. 12Mekpɔ mɔ ado le kɔkɔeƒe la me loo, alo agblẽ kɔ ɖo na eƒe Mawu ƒe kɔkɔeƒe la o. Elabe Mawu ƒe ami kɔkɔe si wosi nɛ la le eŋu. Nyee nye Aƒetɔ. 13Nyɔnu si menya ŋutsu o la ko wòkpɔ mɔ aɖe. 14Mekpɔ mɔ aɖe ahosi, alo nyɔnu si kple srɔ̃a dome klã alo nyɔnu si tsɔ gbolowɔwɔ klo bubu le eɖokui ŋu o. Ɖetugbi leaƒea si tso eya nunɔlagãa ƒe hlɔ̃ me koe wòkpɔ mɔ aɖe, 15be eƒe dzidzimeviwo, ame siwo anye ame kɔkɔewo la, nagava zu bubumanɔŋuitɔwo le eƒe dukɔ me o. Nyee nye Aƒetɔ; nyee kɔ eŋu be wòanye nunɔlagã.”
16Aƒetɔ gblɔ na Mose be: 17“Gblɔ na Aron be: Ne wò dzidzimevi aɖe nye nuwɔametɔ ko, negate ɖe vɔsamlekpui la ŋu gbeɖe be yeatsɔ nye nuɖuɖu nam o. Milé se sia me ɖe asi goŋgoŋ tso dzidzime yi dzidzime. 18Nuwɔametɔ aɖeke megagogo vɔsamlekpui la be yeasa vɔ nam o: ŋkuagbãtɔ o, bafa o, ame si ƒe ŋkume dɔ gblẽ o, ame aɖe si ƒe ata alo abɔ didi akpa o, 19ame si nu vevi wɔ afɔ alo asi na o, 20kpónɔ o, ame kpui o, ame aɖe si nu wɔ ŋku dzi na, ame aɖe si dze akpa o, ame aɖe si ŋu ŋutigbalẽdɔléle bubu aɖe le o, alo ame aɖe si wota o. 21Ne ame aɖe nye nunɔla Aron ƒe dzidzimevi hã, ne enyagbe nye nuwɔametɔ ko, mekpɔ mɔ ava de asi Aƒetɔ ƒe dzovɔsa ŋu o. Esi wònye nuwɔametɔ ta, matsɔ nuɖuɖu na eƒe Mawu o. 22Ate ŋu aɖu nuɖuɖu si wotsɔ sa vɔ nam la ƒe ɖe faa. Ate ŋu aɖu vɔsanu kɔkɔetɔ kple vɔsanu kɔkɔetɔwo ƒe kɔkɔetɔ siaa hã faa, 23gake mekpɔ mɔ ate ɖe xɔmetsovɔ kɔkɔe la loo, alo vɔsamlekpui la ŋu o. Mele be wòava ƒo ɖi nu kɔkɔe mawo o elabe nyee nye Aƒetɔ, eye nye ŋutɔe wɔa wo kɔkɔe.” 24Ale Mose gblɔ nya siawo na Aron kple Aron viŋutsuwo kpakple Israel-dukɔ la katã.
اکنون انتخاب شده:
Mose III 21: EB14
هایلایت
کپی
مقایسه
به اشتراک گذاشتن
می خواهید نکات برجسته خود را در همه دستگاه های خود ذخیره کنید؟ برای ورودثبت نام کنید یا اگر ثبت نام کرده اید وارد شوید
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.

: