Mose III 2
2
Nuɖuɖuvɔsawo
1“Ne ame aɖe di be yeasa nuɖuɖuvɔ na Aƒetɔ la, netsɔ wɔ memee, ne wòaku ami kɔ ɖe edzi, adi lifi akpe ɖe eŋu, 2eye wòatsɔe vɛ na Aron viŋutsuwo, ame siwo nye nunɔlawo la. Netsɔe vɛ na Aron viŋutsu siwo nye nunɔlawo la, eye neku wɔ memee kple ami asiʋlo ɖeka kpakple eƒe lifi la katã. Nunɔla la natɔ dzo esia abe eƒe ŋkuɖodzi gome ene le vɔsamlekpuia dzi. Numemevɔsa kple dzovɔsa si ʋẽna lílilĩ na Aƒetɔ lae wònye. 3Nuɖuɖuvɔsa mamlɛa nazu Aron kple via ŋutsuwo tɔ. Esia nye vɔsa ƒe akpa kɔkɔetɔ wu le dzovɔsa la me na Aƒetɔ.”
4“Nenye abolo amea di be yeamè atsɔ sa vɔa la, ekema megade amɔwɔʋãnu eme o. Ate ŋu awɔe wòanye abolo si wotsɔ amɔwɔ maʋamaʋã ƒo alo akaklã si wome kple amɔwɔ maʋamaʋã, eye wosi ami na la. 5Ne nye abolo gbabɛ si womena le agba gbadzɛ dzi ƒomevie nèdi be yeatsɔ sa vɔe la, ele be nàtsɔ wɔ memee si wode amii, eye nuʋãnu aɖeke meyi eme o la, amee. 6Flii kakɛkakɛe, eye nàde amii. Eyae nye nuɖuɖuvɔsa. 7Nenye abolo si woɖana le agba mee nèdi be yeatsɔ sa vɔe la, ele be nàtsɔ wɔ memee si wobaka kple ami la ɖae. 8Nuɖuɖuvɔsa siwo ŋu wotrɔ asi le alea la ƒomeviwoe wòle be nàtsɔ asa vɔe na Aƒetɔ. Ne ètsɔe vɛ na nunɔlaa la, eya natsɔe va vɔsamlekpui la gbɔ. 9Nunɔlaa aku eƒe akpa sue aɖe woda ŋkɔ ɖe akpa sue sia dzi be ŋkuɖodzikpa, eye wòatɔ dzoe le vɔsamlekpui la dzi. Dzovɔsa si ƒe ʋeʋẽ lílilĩ dzea Aƒetɔ ŋu la wònye. 10Nuɖuɖuvɔsa mamlɛa nazu Aron kple via ŋutsuwo tɔ. Esia nye vɔsa ƒe akpa kɔkɔetɔ wu le dzovɔsa la me na Aƒetɔ.”
11“Mele be amɔwɔʋãnu aɖeke nanɔ nu si miedi be yewoatsɔ asa nuɖuɖuvɔ na Aƒetɔ la me o. Amɔwɔʋãnu alo anyitsi aɖeke neganɔ nuɖuɖu si miedi be yewoatsɔ sa dzovɔ na Aƒetɔ la me o. 12Miate ŋu atsɔ miaƒe kutsetse gbãtɔwo va sa vɔe na Aƒetɔ. Ke womatsɔe asa vɔe le vɔsamlekpui dzi abe ʋeʋẽ lílilĩ ene o. 13De dze wò nuɖuɖuvɔsa ɖe sia ɖe me. Mègana dze nagbe wò nuɖuɖuvɔsa, si nye nubabla le wò kple wò Mawu dome la, me nɔnɔ o. Na dze nanɔ wò vɔsawo katã me.”
14“Ne ètsɔ wò agblemenuku gbãtɔwo va sa nuɖuɖuvɔ na Aƒetɔ la, mè blitimuawo, nàgbã wo nyànyanya atsɔ sa nuɖuɖuvɔ lae. 15Kɔ ami ɖe edzi, nàtsɔ lifi akpe ɖe eŋu. Nuɖuɖuvɔsae wònye. 16Nunɔla la naku bli gbagbã la kple ami la ahatsɔ lifi la katã akpe ɖe eŋu, eye wòatɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi. Esia nye dzovɔsa na Aƒetɔ.”
اکنون انتخاب شده:
Mose III 2: EB14
هایلایت
کپی
مقایسه
به اشتراک گذاشتن
می خواهید نکات برجسته خود را در همه دستگاه های خود ذخیره کنید؟ برای ورودثبت نام کنید یا اگر ثبت نام کرده اید وارد شوید
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.

: