Mose III 17

17
Ʋu nye nu kɔkɔe
1Aƒetɔ gblɔ na Mose be: 2“Gblɔ na Aron kple via ŋutsuwo kpakple Israelviwo katã be nu si Aƒetɔ de se be miawɔ nye esi: 3Ne ŋutsu aɖe tso Israel ƒe aƒeme wu nyi, alẽvi alo gbɔ̃ le asaɖa la me loo, alo le asaɖa la godo 4eye metsɔe va godoƒegbadɔ la nu hetsɔe wɔ nunana na Aƒetɔ le Mawu ƒe agbadɔ la nu o la, ekema amea do hlɔ̃ eye wòkɔ ʋu ɖi. Woatsrɔ̃ amea ɖa le eƒe dukɔ la me. 5Wowɔ se sia be Israelviwo nate ŋu tsɔ woƒe vɔsalã si wowuna le gbedzi la avɛ na nunɔla le Aƒetɔ ŋkume, le godoƒegbadɔ la nu, ahawui abe ŋutifafavɔsa ene na Aƒetɔ. 6Nunɔlaa nahlẽ ʋua ɖe Aƒetɔ ƒe vɔsamlekpuia ŋu le godoƒegbadɔa ƒe mɔnu, eye wòatɔ dzo eƒe ami le vɔsamlekpuia dzi be wòanye ʋeʋẽ lílilĩ na Aƒetɔ. 7Ale be womagawu woƒe vɔsalãwo na gbɔgbɔ vɔ̃wo, siwo wowɔa gbolo kple wo la o. Esia nanye ɖoɖo mavɔ na wo le dzidzimewo katã me.
8“Gblɔ na wo be ne Israelvi aɖe loo, alo amedzro aɖe, si le wo dome si sa numemevɔ aɖe alo sa vɔ aɖe, 9eye metsɔe va agbadɔ la nu va tsɔ sa vɔe na Aƒetɔ o la, woatsrɔ̃e ɖa la dukɔ la dome.
10 # Mos I, 9.4; Mos III, 7.26, 27; 19.26; Mos V, 12.16, 23; 15.23. “Ne Israelvi aɖe, alo amedzro aɖe si le wo dome la ɖu lã ƒe ʋu la, maɖe ŋku atɔ nenem me ma, si ɖu ʋua eye matsrɔ̃e ɖa le dukɔ la dome. 11#Heb 9.22. Elabe ŋutilã ƒe agbe le ʋu la me, eye metsɔe na mi be wòalé avu le vɔsamlekpui la dzi na miaƒe luʋɔwo. Elabe ʋu lae wɔa avulédɔ le agbe si le ʋua me ta. 12Eya tae megblɔ na Israelviwo be ame aɖeke megaɖu ʋu le mia dome loo, alo amedzro si le mia dome la dometɔ aɖeke nagaɖu ʋu o. 13Ne Israelvi alo amedzro aɖe si le mia dome lé lã alo xevi aɖe si woɖuna, le adegbe la, ele be wòawui kple lãnu, ana eƒe ʋu naɖuɖu vɔ keŋkeŋ ɖe anyigba, eye wòaku ke atsyɔ ʋua.
14“Elabe nu gbagbe ɖe sia ɖe ƒe agbe le eƒe ʋu me. Eya tae mede se na Israelviwo be: Migaɖu nu gbagbe aɖeke ƒe ʋu o, elabe nu gbagbe ɖe sia ɖe ƒe agbe le eƒe ʋu me. Woatsrɔ̃ ame sia ame si aɖui la. 15Ame sia ame si ɖu lã aɖe si ku le eɖokui si alo lã si lã wɔadã aɖe vuvu, amea ɖanye aƒevi alo amedzrovi o, ele nɛ be wòanya eƒe avɔwo, eye wòale tsi; eŋu mekɔ o, va se ɖe fiẽ. 16Ke ne menya avɔ alo le tsi o la, atsɔ eƒe nuvɔ̃ɖi ƒe agba.”

اکنون انتخاب شده:

Mose III 17: EB14

های‌لایت

کپی

مقایسه

به اشتراک گذاشتن

None

می خواهید نکات برجسته خود را در همه دستگاه های خود ذخیره کنید؟ برای ورودثبت نام کنید یا اگر ثبت نام کرده اید وارد شوید