رفتن به محتوا

Konyifahawo 3

3
Tohehe, dzimetɔtrɔ kple mɔkpɔkpɔ
1Nyee nye ame si kpe fu,
eye Mawu tsɔ ameƒoti
ɖe ŋunye dɔmedzoetɔe.
2Enyàm kple du
tege ɖe viviti me,
kekeli aɖeke meli o.
3Ẽ, nye ko ŋue wòtrɔ ɖo,
le ƒoƒom atraɖii ŋkeke blibo la.
4Edze nye lã kple ŋutigbalẽ
le ŋunye,
eye wògbã nye ƒuwo.
5Etsɔ vevesese kple fukpekpe
ɖo gli ƒo xlãm.
6Ena menɔ viviti tsiɖitsiɖi me
abe ame siwo ku gbe aɖe gbe ke ene.
7Eɖo gli ƒo xlãm va kpe ɖo,
eye wòde kɔsɔkɔsɔ sesẽwom
ale be nyemate ŋu así o.
8Togbɔ be mele ɣli dom
be woaxɔ nam hã la,
edo toku nye gbedodoɖa.
9Etsɔ kpe gligowo xe mɔ me nam,
eye wòglɔ̃ nye toƒewo katã.
10Etsyɔ akɔ anyi le lalayem
abe sisiblisi ene,
eye wòde xa ɖi nam
abe dzata ene.
11Ehem dzoe le nye mɔ dzi,
eye wòvuvum yaʋayaʋa.
Egblẽ nye ɖeka ɖi dzo.
12Ehe eƒe da me,
eye wòdzidze eƒe aŋutrɔ
ɖe dzinye tututu.
13Eƒe aŋutrɔawo tso eƒe daku me
ƒo ɖe keke nye dzi ke.
14Mezu nu ɖikokoe na nye dukɔ azɔ.
Wodo ham le dzidzim
ŋkeke blibo la.
15Etsɔ ama veve nam
meɖu wòyɔ ko nam,
eye wòkpe tsà nam meno.
16Ena meɖu kpeku,
eye wòtigim ɖe dzowɔ me.
17Wona ŋutifafa bu ɖem,
eye meŋlɔ dzidzeme be.
18Ale mebe:
“Bubu vɔ le ŋunye.
Nu siwo katã mekpɔ mɔ na
tso Aƒetɔ gbɔ la nu tso.”
19Ɖo ŋku nye fukpekpe kple vevesese dzi,
tsà kple aɖi ko wonye nam.
20Mebua eŋu edziedzi,
eye wòtea nye gbɔgbɔ ɖe to.
21Ke mɔkpɔkpɔ gaɖoa menye
ne meɖo ŋku edzi be:
22Aƒetɔ ƒe amenuveve tae míetsrɔ̃ o,
eye eƒe nublanuikpɔkpɔ nu metsina o.
23Wozua yeye ŋdi sia ŋdi.
Wò nuteƒewɔwɔ tri akɔ.
24Nye luʋɔ be:
“Nye gomee nye Aƒetɔ
eya ta eya ko makpɔ mɔ na.”
25Aƒetɔ nyoa dɔme
na ame siwo ɖoa dzi ɖe eŋu
kple ame siwo dinɛ.
26Enyo be ame nagbɔ dzi ɖi kpoo
akpɔ mɔ na Aƒetɔ ƒe xɔname.
27Enyo be ame natsɔ kɔkuti
le eƒe ɖevime.
28Ne Aƒetɔ la ɖoe edzi la,
nenɔ anyi ɖe aga,
ne wòatsɔe le ɖoɖoezizi me.
29Nebɔbɔ eɖokui keŋ;
ɖewohĩ mɔkpɔkpɔ gali.
30Neɖe mɔ woaƒo to me nɛ,
eye woado ŋukpee faa.
31Elabe Aƒetɔ la magbe ame ɖikaa o.
32Togbɔ be edoa nuxaxa na ame hã la,
agakpɔ nublanui nɛ
le eƒe amenuveve sɔgbɔ la nu,
33elabe menye dzidzɔ nɛ
be yeawɔ fu ame,
alo ado nuxaxa nɛ o.
34Ne wofanya
anyigba dzi gamenɔlawo katã,
35ne wote ame ƒe nya dzɔdzɔe ɖe to,
le Dziƒoʋĩtɔ la ŋkume,
36ne wotrɔ gbo nya dzɔdzɔe le ʋɔnu la,
Aƒetɔ la medaa asi ɖe edzi o.
37Ame kae gblɔa nya wòvaa me,
ne Aƒetɔ la meɖoe nenema o?
38Ðe menye Dziƒoʋĩtɔ lae ɖea gbe,
eye vɔ̃ kple nyui dzɔna oa?
39Nu ka tae ame gbagbe afa konyi,
gbetɔ, ne wohe to nɛ ɖe eƒe nuvɔ̃ ta?
40Mina míado míaƒe nuwɔna kpɔ,
adzro eme,
eye míatrɔ va Aƒetɔ gbɔ.
41Mina míakɔ dzi kple asiwo
ɖe dzi na Mawu le dziƒo:
42“Míawo míewɔ nuvɔ̃,
dze aglã,
eye mètsɔe ke mí o.
43Èɣla ɖokuiwò
ɖe wò dziku me;
èti mía yome va wu
nublanuimakpɔmakpɔtɔe.
44Èɣla ɖokuiwò ɖe alilikpo me
ale be gbedodoɖa aɖeke
mate ŋu aɖo gbɔwò o.
45Ètsɔ mí wɔ gbeɖuɖɔ
kple ŋunyɔnui le dukɔwo dome.
46“Míaƒe futɔwo katã ke nu le mía dzum.
47Ŋɔdzi zu ʋe míege dze eme.
Dzɔgbevɔ̃e kple gbegblẽ ɖe to ɖe mí.
48Aɖatsi zu tɔʋu le dodom
le nye ŋkume yoyoyo
elabe wotsrɔ̃ nye dukɔ vinyɔnu.
49“Aɖatsi matso le ŋkume nam kpɔ,
50va se ɖe esime Aƒetɔ naɖo ŋku anyi
akpɔm tso dziƒo o.
51Ne mekpɔ nu si dzɔ
ɖe nye du me ɖetugbiwo katã dzi la,
mesea veve le ememe ke.
52“Nyemewɔ naneke nye futɔwo o,
gake woyɔm ɖe nu abe xevi ene.
53Wotsɔm ƒu gbe ɖe do me agbagbee,
eye wofɔ kpe kɔ ɖe dzinye.
54Tsi fie to tanye
eye mebe: “Evɔ nam!”
55“Aƒetɔ, do la gɔme ke mele
le yɔwòm.
56Èse nye kokoƒoƒo.
Mègado tokum o;
se nye xɔnameɣli,
nàxɔ nam.”
57Ète va gbɔnye
esime meyɔ wò.
Ègblɔ nam be: ‘Mègavɔ̃ o!’
58“Aƒetɔ, èxɔ nye nya ɖe akɔ,
eye nèɖe nye agbe.
59Aƒetɔ, èkpɔ vɔ̃ si wowɔ ɖe ŋunye;
tso nya me nam.
60Èdze si woƒe hlɔ̃biabiawo katã
kple woƒe nugbeɖoɖo ɖe ŋunyewo katã.
61“Aƒetɔ, èse woƒe alɔmeɖeɖe
kple nugbe si woɖo ɖe ŋunye la.
62Ame siwo dze dzinye ƒe nuyiwo kple susuwo
le ŋunye ŋkeke blibo la.
63Kpɔ ɖa, anyie wonɔ o,
tsitre wole o,
wokpa hawo dem le dzidzim.
64“Aƒetɔ, ɖo woƒe nuwɔna
teƒe na wo.
65Na dzi kuatri wo.
Wò fiƒode neva wo dzi.
66Ti wo yome kple dziku,
eye nàtsrɔ̃ wo ɖa
le wò, Aƒetɔ ƒe dziƒoa te.