رفتن به محتوا

Konyifahawo 2

2
Aƒetɔ he to na Yerusalem
1Ale ke wɔ Aƒetɔ la do dziku
na tsizi do ɖe Zion vinyɔnu la dzi ale?
Etsɔ Israel ƒe atsyɔ̃ la xlã
ɖe anyi tso dziƒo.
Gbe si gbe wòdo dziku la,
megaɖo ŋu eƒe afɔɖodzinu la o.
2Aƒetɔ la gbã kɔƒe sia kɔƒe
nublanuimakpɔmakpɔtɔe le Yakob.
Ekaka Yuda ƒe mɔ́ sesẽwo
le eƒe dɔmedzoe me.
Ebɔbɔ fiaɖuƒe la
kple edziɖulawo ɖe anyi ŋukpetɔe.
3Etsɔ dziku helihelĩ,
ɖe Israel ƒe ŋusẽ ɖa keŋkeŋ.
Egbe xɔxɔ nɛ,
esi futɔwo lũ ɖe edzi la.
Etso ɖe Yakob ŋu abe dzo bibi ene,
eye wòtsrɔ̃ nu sia nu
si ƒo xlãe godoo la.
4Ebi eƒe dati
abe futɔ ene.
Ehe eme kple ɖusi
abe ketɔ ene,
eye wòwu ame siwo katã dzi
míedàna ɖo le Zion vinyɔnu ƒe agbadɔ me.
Etrɔ eƒe dɔmedzoe helihelĩ la,
kɔ ɖi abe dzo ene.
5Aƒetɔ la va zu abe futɔ ene,
eye wòtsrɔ̃ Israel.
Egbã eƒe fiasãwo
kple mɔ́ sesẽwo katã.
Edzi vinyɔnu Yuda ƒe nuxaxa
kple konyifafa ɖe edzi.
6Ekaka eƒe subɔƒe la,
eye wòvuvu kpɔ le eŋu.
Egbã eƒe takpeƒe la.
Aƒetɔ tsi ŋkekenyui kple dzudzɔgbe nu
le Zion.
Le eƒe dɔmedzoe helihelĩ me la,
edo vlo fia kple nunɔla.
7Aƒetɔ la gbe eƒe vɔsamlekpui,
eye wògblẽ eƒe kɔkɔeƒe la ɖi.
Etsɔ eƒe fiasãwo ƒe gliwo
de asi na futɔwo.
Woƒe ɣli ɖi le Aƒetɔ ƒeme,
abe ŋkekenyui ɖum wole ene.
8Aƒetɔ ɖoe kplikpaa
be yeana woamu Zion vinyɔnu la ƒe gliwo aƒu anyi.
Eda nudzidzeka ɖe eŋu, dzidzee
be yeana woagblẽe keŋkeŋ.
Ena kpo si woƒu ɖe eŋu
kple gli la siaa fa konyi.
9Eƒe agbowo yi to,
eye woŋe gametiwo keŋ.
Eƒe fia kple eƒe bubumewo
le dzronyigbawo dzi.
Se megali o,
Mawu ƒe gbeƒãɖelawo hã megaxɔa ŋutega
tso Aƒetɔ gbɔ o.
10Zion vinyɔnu ƒe dua
ƒe amegãɖeɖiwo bɔbɔ nɔ anyi
hezi ɖoɖoe kpoo.
Wolɔ dzowɔ ƒo ɖe tame,
eye wota akpanya.
Yerusalem-ɖetugbiwo de mo to.
11Nye ŋkuwo fa aɖatsi ʋuu
ɖeɖi te.
Nye dɔme ʋu dzo hẽe;
nye veve wó ɖe dɔ me nam,
elabe wotsrɔ̃ nye dukɔ vinyɔnu;
ɖeviwo kple vidzĩwo ku ƒenyi
le dua ƒe ablɔwo me.
12Wodo ɣli bia wo nɔwo be:
“Abolo ɖe? Wain ɖe?”
Woyi ɖi me
abe ame xɔabiwo ene
le dua ƒe ablɔwo me,
eye woƒe gbɔgbɔ nu tsí
le wo nɔwo ƒe akɔnu.
13Ao, Yerusalem-nyɔnuvi,
nu ka magblɔ aɖe nuwòe?
Nu ka ŋu matsɔ wò asɔ ɖo?
Zion vinyɔnu, ɖetugbi leaƒe
ame kae matsɔ asɔ kpli wò,
wò akɔ nafa?
Wò abi la lolo
abe atsiaƒu ene.
Ame kae ate ŋu ada gbe le ŋuwò?
14Wò gbeƒãɖelawo kpɔ alakpaŋutega
gblɔ na wò heble wò.
Womeklo nu le wò vodadawo dzi,
bene woaɖɔ wò ɖo,
ne eme nanyo na wò o.
Ke wokpɔ alakpa kple ameflunya
ɖe gbeƒãe na wò.
15Ame siwo katã va tso eme yina la,
ɖu fewu le ŋuwò.
Woɖe tsiã, ʋuʋu ta ɖe
Yerusalem-nyɔnuvia ŋu be:
“Du si wokafuna
be enyakpɔna, etɔgbe meli o,
xexe blibo la ƒe dzidzɔ lae nye esia?”
16Wò futɔwo katã ke nu
le alɔ me ɖem le ŋuwò.
Woʋuʋu ta, ɖu fewu le ŋuwò be:
“Asi su edzi!
Míetsrɔ̃e loo!
Ehɛ̃, ŋkeke si míele mɔ kpɔm na lae nye egbe.
Míekpɔe kple ŋku!”
17Nu si Aƒetɔ ɖo
tso blema ke
be yele wɔwɔ ge la, eyae wòwɔ.
Egblẽ nu nublanuimakpɔmakpɔtɔe,
eye wòna wò futɔwo dzɔ dzi.
Ena ŋusẽ wò ketɔwo.
18Zion vinyɔnu, do ɣli sesĩe na Aƒetɔ la!
Na wò aɖatsi nasí abe tɔsisi ene
zã kple keli.
Mègagbɔ ɖe eme o.
Na wò ŋkuvi nanɔ aɖatsi fam
madzudzɔmadzudzɔe.
19Tso, nàdo ɣli le zã me.
Trɔ wò dzi ƒo ɖe Aƒetɔ la ŋkume
abe tsi ene
le zãdzɔɣi ƒe gɔmedzedze.
Wu asi dzi nàɖe kuku nɛ
le viwò siwo dɔ wu ʋuu
nu té wo ŋu le ablɔwo ƒe godoƒe la ta.
20Ao, Aƒetɔ, kpɔ ame siwo nèle
funyafunya wɔmee la ɖa!
Ðe nyɔnuwo alé woawo ŋutɔ
ƒe dɔmeviwo aɖua?
Ðe woawu nunɔla kple gbeƒãɖela
le Aƒetɔ la ƒe kɔkɔeƒe la gɔ̃ hã?
21Ðeviwo kple ame tsitsiwo siaa ku,
tsi anyigba le ablɔ me.
Nye ɖetugbiwo kple ɖekakpuiwo tsi
futɔwo ƒe yi nu.
Le wò dzikudogbe la,
èwu wo nublanuimakpɔmakpɔtɔe.
22Èna nye futɔwo tso afi sia afi
va kpe ta ɖe ŋunye,
abe ŋkekenyui ɖu ge wova ene.
Ame aɖeke mesí
alo tsi agbe le Yerusalem
le Aƒetɔ ƒe dzikudogbe o.
Vi siwo medzi,
kpɔ wo dzi, wotsi la,
nye futɔ tsrɔ̃ wo keŋ.