Galatiatɔwo 4
4
1Nu si mewɔnɛ lae nye be, ne vi aɖe nye domenyila, evɔ wògale ɖevime ko la, togbɔ be domenyinuawo katã nye etɔ hã la, zi ale si wòganye ɖevi ko la, vovototo mele eya kple kluvi dome o. 2Ele amedzikpɔlawo kple nuawo dzikpɔlawo ƒe ŋusẽ te, va se ɖe esime ɣeyiɣi si tɔ́a ɖo ɖi na eƒe nuawo xɔxɔ la nade. 3Nenema ke míawo hã, le míaƒe ɖevime la, míenɔ gbɔgbɔ siwo dzɔ kple xexea me la ƒe ŋusẽ te, abe kluviwo ene. 4Ke esi ɣeyiɣia de la, Mawu ɖo Via ɖa. Nyɔnue dzii le se la te. 5#Rom 8.15-17. Eyae wòɖo ɖa be wòava xe fe ɖe ame siwo le sea te la ta, axɔ mí awɔ viwoe. 6Mawu di be yeafia be ye viwo mienye, eya ta wòɖo Via ƒe Gbɔgbɔ si doa ɣli lɔlɔ̃tɔe be: “Ao, Tɔ́nye lɔlɔ̃tɔ!” la, ɖa ɖe míaƒe dziwo me. 7Ale le Mawu ta la, mèganye kluvi azɔ o, ke èzu vi, eye ne èzu vi la, ekema èzu Mawu ƒe nuwo domenyila hã to Kristo dzi.
Paulo meɖe dzi ɖi le Galatiatɔwo ŋuti o
8Tsã la, esime mienya Mawu o la, mienye kluviwo na nu siwo dze kɔtɛe be womenye mawu o la. 9Ke azɔ esi mieva nya Mawu, alo magblɔ boŋ be Mawu va nya mi la, ale ke wɔ miegale didim be yewoagbugbɔ ayi gbɔgbɔ mawo gbɔ, be miaganye woƒe kluviwo? Mikpɔ ɖa, togbɔ be wodzɔ kple xexea me hã la, wonye gbɔgbɔ siwo ŋu ŋusẽ mele kura o. 10Mietia ŋkeke aɖewo, ɣleti aɖewo, ɣeyiɣi aɖewo kple ƒe aɖewo da ɖi henyia kɔ tɔxɛ le wo dzi. 11Ewɔ nam abe agbagba si katã medze le mia ŋu la, zu dzodzro vɔ ene.
12Nɔvinyewo, mitrɔ zu abe nye ene dzro, elabe nye hã metrɔ zu abe miawo ene. Miewɔ vɔ̃ aɖeke ɖe ŋunye o. 13Abe ale si mienya ene la, nye lãmegbegblẽe na be meva gblɔ mawunya na mi zi gbãtɔ. 14Togbɔ be ale si menɔ sesẽ na mi hã la, nyemenyɔ ŋu na mi be miagbem xɔxɔ o, ke boŋ miexɔm abe mawudɔla, alo abe ale si miaxɔ Kristo Yesu ŋutɔ gɔ̃ hãe ene. 15Dzidzɔ kple vivi si miedo ɖe ŋunye ɣe ma ɣi la ɖe, afi kae wòle fifia? Nye ŋutɔ mate ŋu aɖi ɖase na mi be ɣe ma ɣi la, nenye ɖe wòanyawɔ la, anye ne miabe yewoaho yewoƒe ŋku le eto me gɔ̃ hã atsɔ nam hafi. 16Esi meto nyateƒe na mi tae meva zu miaƒe futɔa? 17Ame siwo le vivi dom ɖe mia ŋu la, mia flum ko wole. Ɖeko wodi be yewoaɖe mi ɖa le ŋunye, ale be miatrɔ ɖe woawo boŋ ŋuti. 18Enyo be miatsi dzi ɖe nu nyui wɔwɔ ŋu ɣe sia ɣi, ke menye ne mele mia gbɔ ɖeɖe ko o. 19Vinye lɔlɔ̃awo, mele veve sem ɖe mia ta, abe nyɔnu si fú le ɖuɖum la ene, va se ɖe esime nɔnɔme si le Kristo si la, nage ɖe mia me. 20Nenye mia gbɔe mele fifi laa la, anye ne anyo pɛ hafi. Nye gbe ɖeko wòatrɔ ahaɖe ale si miele nam la afia. Metsi dzi ɖe mia ŋu vevie ŋutɔ.
Hagar kple Sara ƒe kpɔɖeŋu
21Mi ame siwo di be se la naɖu yewo dzi la, miɖo nya sia ŋu nam: Ɖe miese nu si se la gblɔ oa? 22#Mos I, 16.15; Mos I, 21.2. Ebe viŋutsuvi evee nɔ Abraham si. Ɖeka nye kosi vi, eye evelia nye ablɔɖenyɔnu vi. 23Ɖevi si kosia dzi la, wodzii abe ale si amegbetɔ dzia vi ko la ene. Ke ɖevi si ablɔɖenyɔnua dzi ya la, Mawue do eŋugbe na edzilawo. 24Nu siawo le nu tɔxɛ aɖewo fiam: Nyɔnu eve siawo le nubabla eveawo teƒe. Wo dometɔ ɖekae nye Hagar. Etso Sinai-to dzi, eye ɖevi siwo wòdzi la, wonye kluviwo. 25Hagar sɔ kple Sinai-to le Arabia. Eyae nye Yerusalem-du si li egbe la, elabe eya kple emenɔlawo katã ganye kluviwo ko. 26Ke Yerusalem-du si le dziƒo ya la, ablɔɖedue. Eyae nye mía nɔ, 27#Yes 54.1. elabe mawunya gblɔ be:
“Wò, konɔ, kpɔ dzidzɔ!
Wò, nyɔnu si medzi vi kpɔ o,
do ɣli, eye nàfa dzidzɔvi,
wò, ame si melé ku kpɔ o!
Elabe nyɔnu, si gbɔ srɔ̃a dzo le la,
viwo asɔ gbɔ wu nyɔnu,
si le srɔ̃a gbɔ ɖaa la tɔwo.”
28Azɔ la, nɔvinyewo, miawo la, ɖe wodo mia ŋugbe hafi dzi, abe Isak ene. 29#Mos I, 21.9. Tsã ma la, ame si wodzi, abe ale si amegbetɔ dzia vi ko ene la, ɖe wòti ame si ŋugbe wodo hafi dzi la yome. Nenema ke ko wògale egbe hã. 30#Mos I, 21.10. Ke nu ka mawunya la gblɔ? Ebe: “Nyà kosi la kple via woadzo, elabe kosi vi mele dome nyi ge kple ablɔɖenyɔnu vi o.” 31Ale, nɔviwo, menye kosi viwo míenye o, ke boŋ ablɔɖenyɔnua viwoe míenye.
اکنون انتخاب شده:
Galatiatɔwo 4: EB14
هایلایت
کپی
مقایسه
به اشتراک گذاشتن
می خواهید نکات برجسته خود را در همه دستگاه های خود ذخیره کنید؟ برای ورودثبت نام کنید یا اگر ثبت نام کرده اید وارد شوید
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.

: