Nyagblɔla Salomo 11
11
Nu si nunyala wɔna
1Da wò nuɖuɖu ɖo ɖe tɔwo dzi faa,
elabe ava kpɔe emegbe godoo.
2Ma nuwo ɖe akpa adrẽ alo enyi gɔ̃ hã,
elabe mènya dzɔgbevɔ̃e
si gbɔna dzɔdzɔ ge le anyigba dzi o.
3Ne tsi ɖo ko la,
edzana ɖe anyigba dzi.
Ne ati mu dze anyigbeme alo dzigbeme la,
afi si wòdze la, afi ma ko wòtsina.
4Ame si le ŋku lém ɖe yaƒoƒo ŋu la,
maċ nu o,
ame si le ŋku ɖem ɖe alilikpowo la,
maŋe nu o.
5Abe ale si mènya ale si gbɔgbɔ wɔna gena ɖe ɖevi ƒe ƒuwo me le nɔa ƒe dɔme o ene la, nenema ke mènya naneke le Mawu si wɔ nuwo katã la ƒe dɔwɔwɔwo ŋui o.
6Ƒã nu le ŋdi me, eye ne fiẽ ɖo hã mèganɔ anyi dɔ aɖeke mawɔe o. Elabe mènya ne ŋdi me tɔe anyo loo, fiẽ me tɔe ava nyo na wò loo, alo wo kple eve la siaa ye ava nyo o.
7Le nyateƒe me la, kekeli me vivina, eye ɣe ƒe keklẽ dzɔa dzi na ŋku.
8Ne ame le agbe ƒè geɖee la, nekpɔ dzidzɔ le wo katã me. Ke neɖo ŋku edzi be viviti ŋkekewo hã asɔ gbɔ. Nu siwo katã dzɔna la, nu dzodzro ko wonye.
Nunyala la ɖo aɖaŋu na sɔhɛwo
9Wò ɖekakpui, kpɔ dzidzɔ le wò ɖekakpuime. Na wò dzi nado dzidzɔ na wò le wò ɖekakpui ŋkekewo me. Nɔ agbe ɖe wò dzimedidi kple wò ŋkunukpɔkpɔ nu. Ke nyae be Mawu le ʋɔnu drɔ̃ ge wò le nu siawo katã ta.
10Eya ta ɖe dziku ɖa le dzime, eye wò ŋutilã netsri vɔ̃. Elabe agbenɔnɔ ƒe gɔmedzedze kple ɖekakpuimenɔnɔ la, nu dzodzrowo ko wonye.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.