رفتن به محتوا

Nyagblɔla Salomo 10

10
1Nudzodzoe kuku le ami ʋeʋẽe me,
nana be amia ʋẽna kũu.
Ale movidzɔdzɔ ʋɛ aɖe
kpèna wu nunya kple bubu.
2Nunyala ƒe nugɔmesese kplɔnɛ
toa mɔ nyuitɔ dzi;
ke bometsila ƒe nugɔmesese kplɔnɛ
tranae.
3Ne bometsila le zɔzɔm le mɔ dzi yina la,
nunya mele tagbɔ nɛ o;
eya ta eɖea eɖokui fiaa amewo katã
be bometsila yenye.
4Ne wò dziɖula do dɔmedzoe
ɖe ŋuwò la,
mègadzo le wò teƒe o,
elabe ɖokuiléle kpoo tsia vodada gãwo nu.
5Nu tovo aɖe mekpɔ le ɣea te; enye vodada gã. Ede dziɖula ƒe vodada ɖi ge. 6Wotsɔ bometsila ɖo teƒe kɔkɔ ke, eye kesinɔtɔwo bɔbɔ nɔ teƒe gblɔewo. 7Mekpɔ kluviwo le sɔ dzi; ke fiaviwo le afɔ zɔm abe kluviwo ene.
8 # Ps 7.15; Lod 26.27; Sir 27.26, 27. Ame sia ame si ɖe do la
age dze eme,
eye ame si le gli gbãm be yeato eme la,
eyae da ɖuna.
9Kpegbãlae kpe sina,
eye nakedzelae xɔa abi.
10Ne lãnu tsi kpo, eye womenyre enu o la,
ele be woada abɔkame sesĩe;
ke nunyae hea dzidzedze vanɛ.
11Ne da ɖu ame vɔ hafi wole gbe sam doe la,
ekema viɖe aɖeke mele gbesala ŋu o.
12Nunyala ƒe numenya na wovea enu;
ke bometsila ƒe nuyiwo hea tsɔtsrɔ̃ vɛ nɛ.
13Bometsila ƒe numenya
dzea egɔme kple bometsinya,
eye eƒe nuƒoƒo wua enu
kple aɖaʋanya baɖawo sɔŋ.
14Evɔ la, eƒoa nu kpoloe madzudzɔmadzudzɔe.
Ame aɖeke menya nu si ava dzɔ o.
Ame kae ate ŋu agblɔ nu si etsɔ ahe vɛ?
15Bometsila ƒe dagbadagba
nana be ɖeɖi tea eŋu;
elabe menya mɔ si
wòato ayi du me gɔ̃ hã o.
16Ao! Anyigba, baba na wò
ne wò fia nye ŋutsuvi ko,
eye wò dumegãwo
tsona ɖe nuɖuɖu ŋu le ŋdi!
17Anyigba, woyra wò,
ne wò fia nye bubume,
eye wò dumegãwo
yia kplɔ̃ ŋu le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi
be yewoaɖu nu akpɔ ŋusẽ, menye be woamu aha o.
18Ðekematsɔleme
nana be xɔta nyéna ɖe eme,
eye kuviawɔwɔ
nana be xɔ ɖuɖua tsi.
19Nukoko tae woɖoa nuɖukplɔ̃ ɖo;
wain doa dzidzɔ ɖe agbe ŋu,
eye ga nana be ame kpɔa eƒe nu hiahiãwo katã.
20Mègake nu ƒo fi de fia le susu me gɔ̃ hã o.
Nenema ke mègaƒo fi de gatɔ le wò xɔdɔme kekeake me o,
elabe xevi
alo nu dzodzoe aɖe ate ŋu aɖakaka nya la.