رفتن به محتوا

Amos 6

6
Woagbã Israel-dukɔ la
1Baba na mi, mi ame siwo ɖe dzi ɖi
le Zion kple mi ame siwo ƒe to me fa
le Samaria-du me.
Miawoe nye dukɔ deŋgɔ sia ƒe ame ŋkuta vevi
siwo gbɔ dukɔmetɔwo vana.
2Miyi ɖakpɔ Kalne ɖa.
Mito afi ma yi ɖakpɔ Xamat, du gã la
kple Gat, Filistitɔwo ƒe du la ɖa.
Ðe wonyo wu Yuda kple Israel-fiaɖuƒewoa?
Ðe woƒe anyigba lolo wu mia tɔa?
3Miele bubum be ŋkeke vɔ̃ la
maɖo fifia o.
Nu si wɔm miele la
le ŋkeke vɔ̃ la hem vɛ boŋ.
4“Baba na mi,
mi ame siwo mlɔa anyi
ɖe nyiɖubatiwo dzi,
drana ɖe akpasawo me
ɖua alẽvilã tso alẽhawo dome,
eye mieɖua nyivilã tso nyikpo me.
5Hakpakpa vivia mia nu abe David ene,
eye mieƒoa haawo le kasaŋku dzi.
6Mienoa wain le tre gãwo me,
eye miesia ami ʋeʋẽe nyuitɔwo,
ke mele mia vem be Yosef ƒe aƒe la
le gbagbã ge o.
7Eya ta miawoe anɔ ŋgɔ
na aboyomeyilawo,
eye miaƒe agbeɖuɖu vivivo la
nu ayi keŋ.
8Aƒetɔ Mawu tà eɖokui.
Aƒetɔ, Mawu Aʋakɔwokplɔla la be:
“Dàda si le Yakob ƒeme la
le ŋu nyɔm nam;
metsri woƒe fiasãwo.
Matsɔ woƒe du gã la kple emenu ɖe sia ɖe
ana woƒe futɔ.”
9Nenye be ame ewo susɔ ɖe aƒe ɖeka me la, woaku. 10Ame kukua ƒe ƒometɔ si ŋkume amea ɖiɖi kpɔ la, ava be yeatsɔ ame kukua adzoe le aƒea me aɖatɔ dzoe. Ƒometɔ la ayɔ ame si susɔ ɖe aƒea me la abia be: “Ame aɖe susɔ kpe ɖe ŋuwòa?” Ame la aɖo eŋu be: “Ao!” Tete ƒometɔ la agblɔ be: “Zi ɖoɖoe. Mele be miayɔ Aƒetɔ ŋkɔ o.”
11Elabe kpɔ ɖa, Aƒetɔ le gbe ɖe ge,
eye xɔwo agbã gudugudu,
gãtɔwo kple suetɔwo siaa.
12Ðe sɔ ƒua du le aganua?
Ðe wonaa nyitsu ŋlɔa nu le atsiaƒu dzia?
Ke miawo ya mietrɔ nya dzɔdzɔe wòzu aɖi,
eye mietrɔ nu dzɔdzɔe wɔwɔ metsonu wòzu veve.
13Miele dzidzɔ kpɔm ɖe Lo-Debar#6.13: LO-DEBAR: Egɔmee nye nu dzodzro la. ŋu,
eye miele gbɔgblɔm dàdatɔe be:
“Míawo ŋutɔ ƒe ŋusẽe míetsɔ ɖu Karnaim#6.13: KARNAIM: Egɔmee nye lãdzo eve la. dzii.”
14Elabe kpɔ ɖa, Aƒetɔ, Mawu Aʋakɔwokplɔla la be:
“Israel-dukɔ, maɖo dukɔ aɖe me tɔwo ɖa
woava xɔ miaƒe anyigba la.
Woate mi ɖe anyi tso Xamat-mɔ nu le dzigbeme
va se ɖe tɔʋu si le Araba ƒe anyigbeme.”