Amos 5
5
Dukɔ la yɔyɔ hena dzimetɔtrɔ
1Israelviwo, miɖo to ne miase konyifaha
si dzi ge mala ɖe mia ŋu:
2“Israel-dukɔ ɖetugbi la
dze anyi!
Magafɔ akpɔ o!
Wogblẽe ɖi
le eƒe anyigba dzi;
ame meli afɔe o.”
3Aƒetɔ Mawu be:
“Ne du aɖe ho kple ame akpe ɖeka yi aʋa la,
alafa ɖeka koe agbɔ,
eye ne du bubu ho kple alafa la,
ewo koe agbɔ le Israel.”
4Aƒetɔ le gbɔgblɔm na Israelviwo be:
“Miva gbɔnye ne mianɔ agbe!
5Migayi Betel o, elabe ele gbagbã ge.
Migayi Gilgal o, elabe emenɔlawo
le aboyo me yi ge.
Nenema ke migayi keke Beer-Seba hã o.”
6Miva Aƒetɔ gbɔ ne mianɔ agbe.
Ne menye nenem o la, aɖi va abe dzo ene,
eye wòafiã Yosef ƒe aƒe la.
Dzo la afiã amewo le Betel,
eye etsila manɔ anyi o.
7Baba na mi ame siwo trɔa nya dzɔdzɔe
wòzua veve,
eye wòvena wu atsà,
eye mietea nu dzɔdzɔe wɔwɔ ɖe to.
8 #
Hiob 9.9; 38.31. Ame si wɔ ɣletivi atifieŋu,
avu kple avutɔ;
ame si trɔa viviti tsiɖitsiɖi wòzua kekeli,
eye wòtrɔa ŋkeke wòzua zã.
Ame si yɔ atsiaƒumetsiwo ƒo ƒu
hetrɔ wo kɔ ɖe anyigba dzi.
Eŋkɔe nye Aƒetɔ.
9Eyae tsrɔ̃ ŋusẽtɔwo,
eye wògbã woƒe mɔ́
gudugudu.
10Mielé fu ame si xlɔ̃a nu ame le ʋɔnu,
eye nyateƒetola ƒe nu kua dzi na mi.
11Miete ame dahewo ɖe anyi,
eye miexɔ blidzɔ le wo si.
Eya ta togbɔ be mietu kpexɔ nyuiwo hã,
miele wo me nɔ ge akpɔ o.
Togbɔ be miede waingble siwo ʋã ŋutɔ hã,
miele wo me wain no ge akpɔ o.
12Elabe menya ale si gbegbe
miaƒe dzidadawo sɔ gbɔe,
eye miaƒe nuvɔ̃wo dzi ŋɔe.
Miete nu dzɔdzɔe wɔla ɖe anyi,
miexɔ zãnu,
eye miebu fɔ ame dahe
madzemadzee le ʋɔnu.
13Le esia ta, ne ɣeyiɣia ɖo la,
nunyala nezi ɖoɖoe,
elabe ɣeyiɣi vɔ̃e wònye gbɔna.
14Miwɔ nyui, menye vɔ̃ o,
ne mianɔ agbe,
eye Aƒetɔ, Mawu Aʋakɔwokplɔla la
nanɔ kpli mi,
abe ale si miegblɔnɛ ene.
15Milé fu vɔ̃wɔwɔ,
eye mialɔ̃ nyuiwɔwɔ.
Midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe.
Ðewohĩ Aƒetɔ, Mawu Aʋakɔwokplɔla la
ave Yosef ƒe dzidzime si susɔ la nu.
16Ale Aƒetɔ, Mawu Aʋakɔwokplɔla, Aƒetɔ la, gblɔ be:
“Amewo anɔ konyi fam le ablɔwo katã me,
eye bubuwo anɔ boboe dom hoo
le kpɔdomeewo katã.
Woayɔ agbledelawo gɔ̃ hã
be woava fa konyi akpe ɖe kuteƒehadzilawo ŋu.
17Ne meva to mia dome yi vɔ la,
amewo anɔ konyi fam le waingblewo katã me.”
Aƒetɔ lae gblɔe.
Aƒetɔ ƒe ŋkeke
18Mi ame siwo dzrom Aƒetɔ ƒe ŋkeke la le la,
baba na mi.
Viɖe ka le ŋkeke ma ŋu na mi?
Elabe viviti wòanye, manye kekeli o.
19Ŋkeke la anɔ abe ŋutsu aɖe si sí le dzata nu
va do go sisiblisi ene!
Alo ele abe ŋutsu aɖe si gbɔ va aƒeme
tsɔ asi ɖo gli ŋu ko da ɖui ene.
20Aƒetɔ ƒe ŋkeke la anye viviti,
manye kekeli o;
viviti tsiɖitsiɖi wòanye,
eme makɔ kura o.
21 #
Yes 1.11-14. “Melé fu miaƒe ŋkekenyuiwo,
eye miaƒe azãɖuɖuwo megadoa dzidzɔ nam o.
22Mieɖamè nu sa vɔe nam o,
mieɖasa nuɖuɖuvɔ nam o,
nyemaxɔ wo akpɔ o.
Gawu la, ne mietsɔ lã damitɔwo va nam
abe vɔsanu ene
be yewoakpɔ ŋutifafa hã la,
nyemanye kɔ akpɔ wo teti hã o.
23Mite ɖa le gbɔnye kple miaƒe hadzidziwo.
Ɣli ko wonye le to me nam.
Nyemedi be mase miaƒe kasaŋkuƒoƒo aɖeke o.
24Le esia teƒe mina nya dzɔdzɔe nasí abe tsi ene,
eye nu dzɔdzɔe wɔwɔ natsa abe tɔ makumaku ene.
25 #
Dɔw 7.42, 43. “Israelviwo, ɖe miesa akpedadavɔ alo nuɖuɖuvɔ nam le gbedadaƒo le ƒe bla eneawo mea? 26Eya ta esi miesubɔ legba siwo nye miaƒe fia Sakut ƒe nɔnɔme kple miaƒe mawu Kevan ƒe ɣletivi ƒe nɔnɔme siwo miewɔ na mia ɖokui ta la, miatsɔ wo ɖe asi, hafi 27makplɔ mi ayi aboyo me le Damasko godo.” Aƒetɔ, ame si ŋkɔe nye Aƒetɔ, Mawu Aʋakɔwokplɔla lae gblɔe.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.