Timoteo II 4
4
1Le Mawu kple Kristo Yesu, ame si ladrɔ̃ ʋɔnu ame gbagbewo kple ame kukuwo, ame si le vava ge ava ɖu dzi abe fia ene ŋkume la, mele nu xlɔ̃m wò be 2nàɖe gbeƒã nya la. Èkpɔ vovo o, mèkpɔ vovo o, do ŋusẽe. Ƒoe ɖe amewo nu, gbe nya na ame eye nàxlɔ̃ nu ame. Gbɔ dzi blewuu nàwɔ esiawo katã, eye mègadzudzɔ nufiafia o. 3Elabe ɣeyiɣi gbɔna, esime amewo magadi be yewoaɖo to ase nufiafia nyuitɔ o. Le esia teƒe la, woadi nufialawo na wo ɖokui be woafia nu si tɔgbe tututu dim woawo ŋutɔ le la wo. 4Womadi be yewoatrɔ to ɖe nyateƒenya la ŋu kura o, ke ŋutinya kpakpɛwo sese ŋu ko woado vivi ɖo. 5Ke le wò ya gome la, nɔ te sesĩe ɣe sia ɣi. Ne èle fu kpem la, do dzi. Wɔ mawunyagblɔla ƒe dɔ, eye nàwɔ wò subɔsubɔdɔ la wu enu keŋ.
6Le nye ŋutɔ gome la, ɣeyiɣia de nam vɔ be woatsɔm asa vɔe. Nye dzodzoɣi le agbe sia me ɖo edzi vɔ. 7Meke duɖime la nyuie vɔ. Meƒu du la wu enu keŋkeŋ. Mele te le xɔse la me. 8Azɔ la, dziɖuɖununana si wonana ɖe nu dzɔdzɔe wɔwɔ ta la koe le lalayem. Aƒetɔ nu dzɔdzɔe wɔla lae atsɔe anam gbe ma gbe. Ke menye nye ɖeka ko na ge wòala o, ke boŋ ana ame siwo katã lɔ̃e, eye wole mɔ kpɔm na eƒe vava la hãe.
Paulo gblɔ nu siwo le edzi yim le egbɔ la ɖo ɖe Timoteo
9Dze agbagba nàva gbɔnye kaba, 10#Kol 4.14; Film 1.24; Kor II, 8.23; Gal 2.3; Tito 1.4. elabe Dema gblẽm ɖi dzo. Eya galɔ̃ fifi xexe sia me ko, ale wòdzo yi ɖe Tesalonika. Kreske yi ɖe Galatia, eye Tito yi ɖe Dalmatia. 11#Kol 4.14; Film 1.24; Dɔw 12.12, 25; 13.13; 15.37-39; Kol 4.10; Film 1.24. Luka ɖeka koe le gbɔnye. Di Marko nàkplɔ ɖe asi vɛ, elabe esubɔam nyuie ŋutɔ le dɔ si wɔm mele la me. 12#Dɔw 20.4; Efes 6.21, 22; Kol 4.7, 8. Medɔ Tixiko ya ɖo ɖe Efeso. 13#Dɔw 20.6. Ne ègbɔna la, tsɔ awu ʋlaya si megblẽ ɖe Karpo gbɔ le Troa la ɖe asi vɛ nam. Tsɔ agbalẽawo hã, vevietɔ esiwo wowɔ kple lãgbalẽ. 14#Tim I, 1.20; Ps 62.12; Rom 2.6. Aleksandro, akɔblinutula la wɔ nane ɖe ŋunye; nua vem ŋutɔ. Aƒetɔ la aɖo ŋu nu vevi si wòwɔm la teƒe nɛ. 15Kpɔ ɖokuiwò dzi nyuie le eyama ŋu, elabe etsi tsitre ɖe míaƒe gbedeasi la ŋu. 16Esi woyɔm zi gbãtɔ le ʋɔnudrɔ̃ƒea be maʋli ɖokuinye ta la, ame aɖeke mede dzinye o; ame sia ame gblẽm ɖi dzo. Mawu megaɖo eteƒe na wo o. 17Ke Aƒetɔ la ya nɔ kplim, eye wòdo ŋusẽm, ale be mete ŋu ɖe gbeƒã gbedeasi la na ame siwo katã menye Yudatɔwo o la. Ale wòɖem tso ku si me. 18Aƒetɔ la aɖem tso nuvɔ̃ɖi ɖe sia ɖe me, eye wòakplɔm dedie ayi ɖe eƒe fiaɖuƒe si le dziƒo la me. Etɔe nye ŋutikɔkɔe tso mavɔ me yi mavɔ me. Amen.
Gbedoname mamlɛawo
19 # Dɔw 18.2;
Tim II, 1.16, 17. Medo gbe na Priska kple Akwila kpakple Onesiforo ƒemetɔwo katã nyuie. 20#Dɔw 19.22; Rom 16.23; Dɔw 20.4; 21.29. Erasto tsi Korinto, ke megblẽ Trofimo ya ɖe Mileto, elabe ele dɔ lém. 21Dze agbagba nàva hafi vuvɔŋɔli naɖo.
Eubulo, Pude, Lino kple Klaudia kpakple nɔviawo katã do gbe na wò nyuie.
22Aƒetɔ la nenɔ kple wò gbɔgbɔ.
Mawu neve mi katã mia nu.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.