Timoteo II 3
3
Ŋkeke mamlɛawo
1Ɖo ŋku edzi be le ŋkeke mamlɛawo me la, xexeme le sesẽ ge. 2Amewo anye wo ɖokui ko tɔ dilawo, galɔ̃lawo; ame siwo anɔ wo ɖokui dom ɖe dzi, ɖokuiŋudzelawo, amedzulawo, ame siwo maɖo to wo dzilawo o, ame madaakpewo, ame siwo manɔ kɔkɔe o. 3Ame bubuwo anye ame siwo makpɔ nublanui na ame o, ame siwo manyo dɔme na ame o, ameŋugblẽlawo, ame siwo mate ŋu aɖu wo ɖokui dzi o, adãwɔlawo, ame siwo malɔ̃ nu nyui o. 4Ɖewo hã anye: yomemɔfialawo, ame siwo mabu nu o, ame siwo ado wo ɖokui ɖe dzi glodzoo, ame siwo alɔ̃ nu siwo ado dzidzɔ na woawo ŋutɔ wu esi woanye Mawu lɔ̃lawo, 5ame siwo ŋú wòadze le be wole Mawu subɔm, evɔ la, wogbe eƒe ŋusẽ. To adzɔge ke na ame siawo! 6Ame siawo dometɔ aɖewo li siwo gena ɖe aƒewo me ayetɔe, eye wotrɔa nyɔnu gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo ƒe susu. Nyɔnu siawo ƒe nuvɔ̃ zu agba na woawo ŋutɔ le esi wokplɔ nudzroame vovovowo ɖo ta. 7Wonye ame siwo léa to ɖe ame sia ame ko ƒe nya ŋu tamemabutɔe, ke womate ŋu adze si nyateƒe la akpɔ o. 8#Mos II, 7.11. Abe ale si Yane kple Yambre tsi tre ɖe Mose ŋui ene la, nenemae ame siawo hã tsi tre ɖe nyateƒe la ŋui. Nu fitifiti si wɔm wole la xɔ woƒe susu, eye woƒe xɔse megale te o. 9Ke womayi ŋgɔ wu ema o, elabe woƒe movidzɔdzɔ le dzedze ge ƒãa ame sia ame nakpɔ. Nenema tututue wòdzɔ ɖe Yane kple Yambre dzii.
Nuxlɔ̃amenya mamlɛawo
10Ke wò ya la, ètsɔ nye afɔ le nye nufiafia, nye nɔnɔme, nu si nye nye taɖodzinu le agbe me, nye xɔse, nye dzigbɔɖi, nye lɔlɔ̃ kple nye tenɔnɔ me. 11#Dɔw 13.14-52; Dɔw 14.1-7; Dɔw 14.8-20. Nenema ke woti yowòme, eye nèkpe fu abe nye ke ene. Wò ŋutɔ ènya ale si woti yonyeme le Antioxia, Ikonio kple Listra kple ale si medo dzii; ke Aƒetɔ la ɖem tso wo katã me. 12Nyateƒee, ame siwo katã di be yewoanɔ hadede me kple Kristo Yesu, eye yewoavɔ̃ Mawu le yewoƒe agbe me la, woati wo yome godoo. 13Ke ame vɔ̃ɖiwo kple ameblelawo ƒe agbenɔnɔ agagblẽ ɖe edzi wu tsã; woanɔ amewo blem, evɔ wònye ɖe woble woawo hã hafi. 14Ke wò la, yi edzi nàlé nu si wofia wò kple nu si dzi nèxɔ se la me ɖe asi goŋgoŋ, elabe ènya wò nufialawo. 15Ènya mawunyawo tso wò ɖevime ke, eye esiawo ate ŋu afia afɔɖoƒe wò be woaxɔ wò ɖe agbe, nenye be èxɔ Kristo Yesu dzi se. 16Mawue ʋã amewo be woaŋlɔ mawunya ɖe sia ɖe ɖi, eya ta wonyo be woatsɔ afia nu ame, agbe nya na ame, aɖɔ ame ɖo, eye be woatsɔ wo ahe ame be wòawɔ nu dzɔdzɔe; 17ale be ame si subɔa Mawu la, nade blibo, eye wòasu te ahawɔ dɔ nyui ɖe sia ɖe.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.