Samuel II 15
15
Absalom dze aglã ɖe fia la ŋu
1Esia megbe la, Absalom di tasiaɖam kple sɔwo na eɖokui, eye wògadi ŋutsu bla atɔ̃ siwo anɔ du dzi le eŋgɔ la hã kpe ɖe wo ŋu. 2Efɔna ŋdi kanya ɖatsia tre ɖe mɔ to le dua ƒe agbo nu. Ne ame aɖe tsɔ dzrenya aɖe yina ɖe fia gbɔ be wòadrɔ̃ la, Absalom yɔnɛ hebianɛ be: “Du ka me nètso?” Ne amea yɔ Israel-to si me wòtso la nɛ la, 3Absalom gblɔna nɛ be: “Kpɔ ɖa, wò nyawo nyo le eteƒe, ke fia meɖo ame aɖeke ɖi be wòasee na wò o.” 4Egblɔna kpe ɖe eŋu be: “Ame aɖee tsɔm wɔ ʋɔnudrɔ̃lae! Ekema ne ame aɖe tsɔ dzrenya alo nya bubu aɖe va gbɔnyee la, madrɔ̃e atso afia nɛ.” 5Azɔ ne ame aɖe va egbɔ be yeabɔbɔ ta nɛ la, edoa asi ɖa lénɛ eye wògbugbɔa nu nɛ. 6Absalom wɔ alea na Israelvi ɖe sia ɖe si va fia la gbɔ be wòadrɔ̃ nya na ye, eye Absalom to eme fi Israelviwo ƒe dzi.
7Le ƒe ene#15.7: “ene”: Gɔmeɖeɖe xoxo aɖewo be “ene”, ke wogblɔ le Hebri-gbe me be “bla ene.” megbe la, Absalom gblɔ na fia la be: “Taflatsɛ, na mayi Xebron aɖawɔ adzɔgbe si meɖe na Aƒetɔ le afi ma la dzi. 8Esi menɔ Gesur le Siria la, meɖe adzɔgbe na Aƒetɔ be ne wòkplɔm gbugbɔ yi Yerusalem la, mava subɔe le Xebron.”#15.8: XEBRON: Gɔmeɖeɖe xoxo aɖe be “Xebron”; nya sia mele Hebri-gbe me o.
9Fia la gblɔ nɛ be: “Yi le ŋutifafa me.” Ale Absalom yi Xebron. 10Ke Absalom dɔ dɔlawo ɖa le adzame ɖo ɖe Israel-toawo katã me be woaɖagblɔ be: “Ne kpẽ ɖi miese la, mido ɣli be: ‘Absalom zu fia le Xebron!’ ” 11Absalom kpe ŋutsu alafa eve tso Yerusalem woyi kplii, eye ame siawo dometɔ aɖeke menya nu tso nugbeɖoɖoa ŋu kura o. 12Esime Absalom le vɔ sam la, eɖo ame ɖe Gilo be woaɖayɔ Axitofel, David ƒe adaŋudelawo dometɔ ɖeka vɛ na ye. Nugbeɖoɖoa nu le sesẽm, eye Absalom yomedzelawo le agbɔ sɔm ɖe edzi.
David sí le Yerusalem
13Amedɔdɔ aɖe va fi tofi na David be: “Israel-dukɔmetɔwo ƒe dzi ku ɖe Absalom ŋu.”
14Ale David gblɔ na eƒe dɔla siwo katã le egbɔ le Yerusalem la be: “Mitso, ne míasí hafi Absalom nava ɖo. Ne menye nenem o la, mía dometɔ aɖeke masusɔ o. Netsɔ! Ne eƒe afɔ tsɔ wu mía tɔ ko, evɔ na mí! Ɖe wòatsrɔ̃ ame sia ame keŋ le dua me!” 15Woɖo eŋu be: “Nu sia nu si nègblɔ be míwɔ ko la, míawɔe.” 16Ale fia la kplɔ eƒemetɔwo katã dzoe, negbe ahiãvi ewo koe wògblẽ ɖi be woakpɔ fiasã la dzi. 17Esime fia la kple eƒe ameawo nɔ go dom le dua me la, wova tɔ ɖe aƒe mamlɛtɔ gbɔ. 18Fia la ƒe dɔlawo katã tsi tsitre ɖe egbɔ eye Kretitɔwo kple Pletitɔwo katã kpakple Gatitɔ alafa ade siwo dze eyome la va to eŋu dze eŋgɔ.
19Azɔ fia la gblɔ na Itai, Gatitɔ be: “Nu ka ta wò hã nèbe yeayi kpli mí? Trɔ yi nàɖanɔ fia yeye la gbɔ. Du bubu me tɔwoe nènye eye ɖe nèʋu tso mia de va. 20Esi nèva afii la, eteƒe medidi o, eya ta mele be makplɔ wò nànɔ tsatsam kplim o. Gawu la, nyemenya afi si yim mele fifia gɔ̃ hã o. Gbugbɔ yi eye kplɔ nɔviwòawo hã yii. Aƒetɔ nenyo dɔme ne wòawɔ nuteƒe na mi.” 21Ke Itai ɖo eŋu na fia la be: “Fia Bubutɔ, metà Aƒetɔ gbagbe la kple wò Fia Bubutɔ: Ne nyemenɔ afi sia afi si nànɔ o fĩi! Edze ku dzi o, edze agbe dzi o, gbɔwò ko manɔ!” 22David gblɔ na Itai be: “Enyo, va mídzo!” Ale Itai kple eƒe ameawo katã kpakple wo viwo keŋ yi kplii. 23Esi David kple eƒe ameawo va tso eme yina la, amewo nɔ avi fam hoo. Fia la tsò Kidron-tɔʋu la, eƒe ameawo le eyome, eye wo katã woɖo ta gbedadaƒo.
24Nunɔla Zadok hã le wo dome, eye Levitɔ siwo le eŋu la tsɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la. Wodro aɖaka la ɖi va se ɖe esime ameawo katã tso dua me va to eŋu yi vɔ. Nunɔla Abyatar hã nɔ afi ma. 25Ke fia la gblɔ na Zadok be: “Gbugbɔ nubablaɖaka la yi dua mee! Ne Aƒetɔ ve nunye la, akplɔm agbɔe, eye wòana makpɔe kple teƒe si wodae ɖo. 26Evɔ ne mekpɔ ŋudzedze le ŋunye o la, nyee nye esi, newɔ nu si dze eŋu lam faa.” 27Fia la yi edzi gblɔ na Zadok be: “Kpɔ ɖa,#15.27: KPƆ ƉA: Gɔmeɖeɖe xoxo aɖewo gblɔ be “Kpɔ ɖa”, ke wogblɔ le Hebri-gbe me be “Wòe nye nukpɔla la?” kplɔ viwò Aximaaz kple Abyatar vi Yonatan ne miagbugbɔ ayi dua me le ŋutifafa me. 28Fifia la, manɔ tɔtsoƒe le gbedadaƒo anɔ lalam va se ɖe esime mese nya aɖe tso mia gbɔ.” 29Ale Zadok kple Abyatar gbugbɔ nubablaɖaka la va Yerusalem, eye wonɔ afi ma. 30David lia amititogbɛ la le avi fam le yiyim. Etsyɔ nu ta, eye wònɔ afɔ ƒuƒlu zɔm. Ame siwo katã le eŋu la hã tsyɔ nu ta, lia to la nɔ avi fam nɔ yiyim. 31Esi wova gblɔ na David be Axitofel hã le nugbeɖolawo dome kpe ɖe Absalom ŋu la, edo gbe ɖa gblɔ be: “Aƒetɔ, meɖe kuku, trɔ Axitofel ƒe aɖaŋuɖoɖowo woazu movinuwɔwɔ!”
32Esi David va ɖo gbedoɖaƒe le toa tame la, exɔlɔ̃ Xusai, Arkitɔ la va kpee. Awu vuvu le eŋu eye ke le tame nɛ. 33David gblɔ nɛ be: “Àva zu agba nam, ne àyi mɔzɔzɔ la dzi kplim. 34Ke àte ŋu akpe ɖe ŋunye nenye be ètrɔ yi dua me. Ne èyi la, gblɔ na Absalom be: ‘Tsã la, tɔ́wò ƒe dɔla menye, ke azɔ la, mebe mazu wò dɔla.’ Ale ne Axitofel ɖo aɖaŋu aɖe na Absalom la, àte ŋu agblẽ eme. 35Nunɔla Zadok kple Abyatar hã le afi ma nɔ ge. Ne èse nya aɖe tso fiasã la me ko la, yi nàɖagblɔe na wo. 36Kpɔ ɖa, wo vi eveawo, Aximaaz kple Yonatan, le wo gbɔ le afi ma. Ne miese nya aɖe le dua me ko la, midɔ wo ɖa woava gblɔe nam.” 37David xɔlɔ̃ Xusai va dua me teti ko, Absalom hã ge ɖe eme.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.