Samuel II 14
14
Yoab ɖo aɖaŋu le Absalom ƒe tɔtrɔ gbɔ ŋu
1Azɔ Yoab de dzesii be Absalom le fia David dzrom ŋutɔ, 2eya ta Yoab dɔ ame woyi ɖakplɔ nyɔnu nyanu aɖe le Tekoa vɛ. Egblɔ nɛ be: “Wɔ ɖokuiwò abe funyila ene. Ta funyivɔ, mègasi ami o, eye nànɔ abe nyɔnu si le fu nyim eteƒe didi na ame kuku ene. 3Emegbe yi fia gbɔ nàɖagblɔ nya si gblɔ ge mala na wò la nɛ.” Ale Yoab gblɔ nya la nɛ.
4Esi Tekoa-nyɔnua va fia la gbɔ la, ebɔbɔ, de ta agu eye wògblɔ be: “Fia Bubutɔ, xɔ nam!” 5Fia la biae be: “Nya kae dzɔ ɖe dziwò?” Nyɔnua ɖo eŋu be: “Ao, srɔ̃nye ku eye mezu ahosi. 6Ŋutsuvi eve le wò dɔlanyɔnu si. Gbe ɖeka esi woyi gbe me la, dzre dzɔ ɖe wo dome. Ame aɖeke meli alé avu wo o, ale ɖeka ƒo nɔvia wòku. 7Azɔ la nye ƒome blibo la tso ɖe ŋunye be maɖe asi le vinye la ŋu ne yewoawu elabe ewu nɔvia. Ne wowui la, vi aɖeke maganɔ asinye anye domenyila o, eye dzidzimevi aɖeke hã maganɔ anyi alé srɔ̃nye ŋkɔ ɖi o.”
8Tete fia la ɖo eŋu be: “Gbugbɔ yi aƒeme. Makpɔ nya la gbɔ na wò.” 9Nyɔnua gblɔ be: “Nye kple ƒome lae dze agɔ le nya la me. Agɔdzedzea melɔ wò fia kple tewòvi bubuawo ɖe eme o.” 10Fia la ɖo eŋu nɛ be: “Ne ame aɖe do ŋɔdzi na wò le nya sia me la, kplɔe vɛ nam; magaɖe fu na wò azɔ o.” 11Nyɔnua gblɔ be: “Taflatsɛ, Fia Bubutɔ, ɖe kuku na Aƒetɔ, wò Mawu la ale be hlɔ̃biala la nagawu vinye ŋutsu la o.” David ɖo eŋu nɛ be: “Metà Mawu gbagbe la: Ne ame aɖe wɔ nu vevi sue aɖe viwò la fĩi!”
12Ke nyɔnua gblɔ be: “Meɖe kuku, Fia Bubutɔ, medi be magagblɔ nya ɖeka.”
Eɖo eŋu be: “Gblɔe.” 13Nyɔnua gblɔ nɛ be: “Nu ka ta nèɖo nu sia ɖe Mawu ƒe dukɔ la ŋu? Esi mèɖe mɔ na wò ŋutɔ viwò si wonyà de gbe be wòatrɔ agbɔ va aƒe o ta, nya si nègblɔ la bu fɔ wò xoxo. 14Mí katã míele kuku ge. Míele abe tsi si wokɔ ɖe anyigba, eye womagate ŋu aklui o ene. Mawu ŋutɔ gɔ̃ hã megbɔa agbe ame ne eku o, ke fia ya ate ŋu ana ame si wonyà le aƒe la nagagbɔ ava. 15Azɔ la, Fia Bubutɔ, nu si ta meva be magblɔ nya sia na wò lae nye be amewo le ŋɔdzi dom nam, eya tamebu be mava gblɔe na wò kpɔ, ɖewohĩ àwɔ nu si mebia la nam. 16Mebui be àse nyaa me nam eye àɖe nye kple vinyea tso ame si di be yeatsrɔ̃ nye kple vinye la ɖa, bene míagakpɔ gome le anyigba si Mawu na eƒe amewo la me o la, si me. 17#Sam II, 19.27. Megblɔ na ɖokuinye be nya si nàgblɔ nam la ana maɖe dzi ɖi elabe èle abe Mawu ƒe dɔla ene, eye nètea ŋu dzea si nyui kple vɔ̃. Aƒetɔ, wò Mawu nenɔ kpli wò!”
18Fia la ɖo eŋu nɛ be: “Nya aɖe le asinye medi be mabia wò; nàto nyateƒe.”
Nyɔnua ɖo eŋu be: “Fia Bubutɔ, biam faa!” 19Fia la biae be: “Menye Yoab ye gblɔ nya siawo katã na wò be nàva gblɔ oa?”
Nyɔnua ɖo eŋu be: “Fia Bubutɔ, metà wò gbagbe sia be nya si nèbiam la le eme tututu. Nyateƒee, wò dɔla Yoab ye nye ame si dɔm, eye eyae gblɔ nya siawo katã hã nam be mava gblɔ. 20Ke ewɔ esia be yeana nya blibo la me nakɔ. Fia Bubutɔ, ènya nu abe mawudɔla ene eye nyadzɔdzɔwo katã le nyanya na wò le anyigba dzi.”
21Emegbe la, fia la gblɔ na Yoab be: “Medi be mawɔ nu si nèdi be mawɔ la. Yi nàɖakplɔ Absalom, ɖekakpui la gbɔe.” 22Tete Yoab bɔbɔ hede ta agu bubutɔe le fia la ŋkume, eye wògblɔ na fia la be: “Mawu neyra wò, Fia Bubutɔ! Medze sii azɔ be èkpɔ ŋudzedze le ŋunye elabe èna nu si mebia wò la su asinye. 23Yoab tsi tsitre eye wòyi Gesur ɖakplɔ Absalom va Yerusalem. 24Ke fia la gblɔ be: “Mina wòayi ɖanɔ eya ŋutɔ ƒeme; meganɔ nye aƒeme azɔ o.” Ale Absalom yi ɖanɔ eya ŋutɔ ƒeme eye mevaa fia la gbɔ o.
Absalom kple David gawɔ ɖeka
25Ame aɖeke medze ɖeka abe Absalom ene le Israel-dukɔ blibo la me o; dzuƒe aɖeke mele eŋu tso eƒe afɔ gɔme va se ɖe eƒe ta gbɔ o. Ale amewo kafunɛ ŋutɔ. 26Ne ƒè trɔ la, ekoa ta elabe ɖa la nɔa ekpem. Ɖaa ƒe kpekpeme dea kilo eve ne wodae le fia ƒe nudanu dzi. 27Viŋutsuvi etɔ̃ kple vinyɔnu ɖeka nɔ Absalom si. Nyɔnuvia ŋkɔe nye Tamar; edze tugbe ŋutɔ.
28Absalom nɔ Yerusalem ƒe eve sɔŋ gake mekpɔ fia la kpɔ o. 29Absalom dɔ ame ɖe Yoab be yeadɔe aɖo ɖe fia la gbɔ, ke Yoab gbe vava. Egadɔ ame ɖo ɖee zi evelia, ke egagbe vava. 30Ale Absalom gblɔ na eƒe dɔlawo be: “Mikpɔ ɖa, Yoab ƒe agble le nye agble gbɔ eye lu le eme nɛ. Miyi ne miaɖatɔ dzoe.” Ale Absalom ƒe dɔlawo yi ɖatɔ dzo agblea. 31Yoab tso yi Absalom ƒeme ɖabiae be: “Nu ka ta wò dɔlawo tɔ dzo nye agble?” 32Absalom ɖo eŋu be: “Elabe meɖo ame ɖe wò be va kpɔm, eye nègbe vava. Medi be nàyi fia la gbɔ aɖabiae nam be: ‘Nu ka ta medzo le Gesur va afii? Ne ɖe metsi afi ma la, ne enyo nam wu.’ Azɔ la medi be makpɔ fia la. Ne mewɔ vɔ̃ aɖe la, newum faa!” 33Ale Yoab yi fia David gbɔ ɖagblɔ Absalom ƒe nya la nɛ. Fia la dɔ ame ɖe Absalom. Esi wòva la, ede ta agu ɖe eŋkume, eye fia la gbugbɔ nu nɛ.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.