Korintotɔwo II, 2
2
1Ale meɖoe be nyemegale mia gbɔ va ge bene miase veve o. 2Elabe ne mena miese veve la, ame kae gale dzidzɔ do ge nam? Menye miawo koe oa? 3Esia tae meŋlɔ agbalẽa na mi nenema ɖo, ale be ne meva mia gbɔ la, ame siwo wòdze be woado dzidzɔ nam la dometɔ aɖeke mana maxa nu o. Elabe menya mi nyuie ate ŋu agblɔ be, ne mele dzidzɔ kpɔm la, ekema miawo hã miekpɔa dzidzɔ. 4Dzi kpekpe, nuxaxa kple aɖatsi geɖe metsɔ ŋlɔ agbalẽa na mi. Nyemeŋlɔe be mana miaxa nu o, ke boŋ be mianya ale si gbegbe melɔ̃ mii.
Vodadatsɔtsɔ ke vodala
5Ne ame aɖe na mese veve la, me nye nyee wòna mese veve o, ke boŋ, ne nye magblɔe akpa o la, mi katãe woka. 6Esɔ gbɔ be mia dome akpa gãtɔ he to na ame sia xoxo. 7Ke nu si wòle be miawo miawɔ fifia lae nye be miatsɔ nu si wòwɔ la akee, ahado ŋusẽe boŋ, ale be nuxaxa fũu akpa nagana wòayi to keŋkeŋ o. 8Ale mele kuku ɖem na mi be miɖo kpe edzi nɛ be yewolɔ̃e vevie. 9Nu sia ta koŋ ye meŋlɔ agbalẽa na mi ɖo, be matsɔ ado mi akpɔ be mieɖoa to le nu sia nu me mahã. 10Ne mietsɔ ame aɖe ƒe nu si wòwɔ la kee la, nye hã metsɔe kee. Le nyateƒe me la, nenye be metsɔ ame aɖe ƒe nu si wòwɔ la kee tututu la, mia tae metsɔe kee ɖo, abe ale si mawɔe le Kristo ŋkume la ene. 11Mewɔ esia, ale be Abosam nagaba mí o, elabe míenya eƒe ayemɔwo nyuie.
Nu si na be Paulo tsi dzi le Troa
12 #
Dɔw 20.1. Esi meva ɖo Troa be maɖe gbeƒã Kristo ƒe Nyanyuia la, mekpɔ be mɔ ʋu nam siaa be mawɔ dɔ na Aƒetɔ la le afi ma. 13Ke nye dzi medze eme o, elabe nyemekpɔ nɔvinye Tito le afi ma o. Ale meklã ameawo hetso eme yi ɖe Makedonia.
Ale si míeɖua dzi to Kristo dzii
14Akpe na Mawu si nana mièɖua dzi godoo le Kristo me eye wòɖe eƒe sidzedze ƒe ʋeʋe lilili la ɖe go fia to mía dzi le afi sia afi. 15Le nyateƒe me la, ɖe míele abe Kristo ŋutɔ ƒe ʋeʋẽ lílilĩ ene na Mawu, eye míekaka ɖe ame siwo Mawu xɔna ɖe agbe kple ame siwo le tsɔtsrɔ̃m siaa la dome. 16Ʋeʋẽ sia he agbe vɛ na ame siwo xɔm wole ɖe agbe la, ke ame siwo dze na ku ya la, ʋeʋẽ la zu ku na wo. Ame kae dze ate ŋu awɔ dɔ sia? 17Míawo ya la, míele abe ame geɖe, siwo tsɔa Mawu ƒe gbedeasi la abe nu kpotoe dzadzra ko ene o. Esi wònye Mawue tia mí ta la, míewɔ ɖeka kple Kristo, eye míeƒoa nu nyateƒetɔe le Mawu ŋkume.
اکنون انتخاب شده:
Korintotɔwo II, 2: EB14
هایلایت
کپی
مقایسه
به اشتراک گذاشتن
می خواهید نکات برجسته خود را در همه دستگاه های خود ذخیره کنید؟ برای ورودثبت نام کنید یا اگر ثبت نام کرده اید وارد شوید
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.

: