Kronika II 8
8
Dɔ vovovo siwo Salomo wɔ
(Fia I, 9.10-28)
1Esi Salomo tsɔ ƒe bla eve tu Aƒetɔ ƒe xɔ la kple eya ŋutɔ ƒe fiasã la vɔ megbe la, 2egbugbɔ du siwo Xuram tsɔ nɛ la tso, eye wòna Israelviwo nɔ wo me. 3Salomo ho yi ɖaxɔ Xamat kple Zoba nutowo me. 4Etso Tadmor-du ɖe gbedadaƒo, eye wògbugbɔ nudzraɖoƒedu siwo katã le Xamat-nutome la tso. 5Etso Dzigbe Bet-Xoron kple Anyigbe Bet-Xoron wonye du sesẽ siwo woɖo gli ƒo xlã, eye agbo kple gameti le wo nu. 6Salomo tso Baalat-du kple eƒe nudzraɖoƒedu siwo katã nɔ esi kple esiwo me tasiaɖamwo kple sɔdolawo katã nɔ kpakple teƒe siwo katã wòdi be yeatu ɖe Yerusalem, Lebanon kple anyigba siwo katã dzi wòɖu fia ɖo la. 7Dukɔ siwo katã susɔ le Xititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Xivitɔwo kple Yebusitɔwo dome, ame siwo metso Israel dome o la, 8woƒe dzidzimevi siwo susɔ ɖe anyigba la dzi, le wo megbe, ame siwo Israelviwo metsrɔ̃ keŋkeŋ o la woe Salomo tsɔ wɔ dzizizidɔwɔlawoe va se ɖe egbe. 9Ke Israel ƒe dzidzimeviwo ya la, Salomo mewɔ wo dometɔ aɖeke kluvii le eƒe dɔme o. Woawoe nye asrafowo, tatɔwo, tasiaɖam kple sɔdolawo ƒe amegãwo. 10Salomo ƒe dɔdzikpɔlawo ƒe tatɔwo le ame alafa eve bla atɔ̃ eye wokpɔa dɔ vovovowo dzi nɛ le dukɔa me.
11Salomo kplɔ srɔ̃a, Egipte Fiagã ƒe vinyɔnu tso David ƒe du la me va aƒe si wòtso nɛ la me, elabe egblɔ be: “Srɔ̃nye aɖeke manɔ David Israel-fia ƒeme o, elabe teƒe si Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka la va la, teƒe kɔkɔe wònye.”
12Salomo sa numemevɔ na Aƒetɔ le vɔsamlekpui si wòɖi ɖe akpata la ŋgɔ la dzi. 13#Mos IV, 28.9, 10; Mos IV, 28.11-15; Mos II, 23.14-17; 34.22, 23; Mos IV, 28.16—29.39; Mos V, 16.16. Abe ale si Mose ƒe se la ɖoe ɖi ene la, esaa vɔ le ŋkeke sia ŋkeke, dzudzɔgbewo, dzinu yeyewo kple ƒea ƒe Ŋkeke Nyui ɖoɖi etɔ̃awo dzi. Esiawoe nye: Abolo Maʋamaʋã Ŋkeke Nyui, Kwasiɖawo ƒe ŋkekenyui kple Agbadɔ Me Nɔnɔ Ŋkeke Nyui. 14Le ɖoɖo si tɔ́a David wɔ ɖi nu la, Salomo ma nunɔlawo ɖe hatsotsowo me hena woƒe subɔsubɔdɔ. Ema Levi viwo hã ɖe hatsotsowo me be ɖewo akafu, eye ɖewo asubɔ kple nunɔlawo le ŋkeke sia ŋkeke ƒe kɔa nu, eye bubuwo nanye agbonudzɔlawo adzɔ agbo ɖe sia ɖe nu le hatsotsoawo me. Ewɔ esia elabe aleae David, Mawu ƒe ame la gblɔe. 15Womeɖe ɖeke le fia ƒe se si wòde le nunɔlawo, Levi viwo, nu bubu ɖe sia ɖe kple nudzraɖoƒeawo ŋu la me o.
16Ale wowu Salomo ƒe xɔ la nu, tso gbe si gbe woɖo Aƒetɔ ƒe xɔ la gɔme anyi va se ɖe gbe si gbe wowu enu la. Dɔa tsɔ afɔ, eye wowu enu keŋ.
17Emegbe Salomo yi Ezeon-Geber kple Elot le ƒuta le Edom-nyigba dzi. 18Xuram tsɔ tɔdziʋuwo kple ƒudzidɔwɔlawo de eƒe dɔlawo si, ɖo ɖe Salomo. Ame siawo kple Salomo ƒe dɔlawo yi Ofir ɖatsɔ sika kilo akpe wui atɔ̃ kple vɔ vɛ na Salomo.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.