رفتن به محتوا

Kronika II 7

7
Gbedoxɔ la ŋu kɔkɔ
(Fia I, 8.62-66)
1 # Mos III, 9.23-24. Esi Salomo do gbe ɖa vɔ la, dzo tso dziƒo va fiã numemevɔsa kple vɔsawo eye Aƒetɔ ƒe ŋutikɔkɔe yɔ gbedoxɔ la. 2Nunɔlawo mete ŋu ge ɖe Aƒetɔ ƒe xɔ la me o, elabe Aƒetɔ ƒe ŋutikɔkɔe yɔ xɔ bliboa. 3#Kron I, 16.34; Kron II, 5.13; Ezra 3.11; Ps 100.5; 106.1; 107.1; 118.1; 136.1; Yer 33.11. Esi Israelviwo katã kpɔ ale si dzo la ɖiɖi ɖe anyi kple ale si Aƒetɔ ƒe ŋutikɔkɔe yɔ xɔa la, wodze klo, de ta agu ɖe kpe si woɖo ɖe anyigba la dzi. Wosubɔ Aƒetɔ, eye woda akpe gblɔ nɛ be:
“Elabe eƒe dɔme nyo,
eye eƒe amenuveve li tegbee!”
4Tete fia la kple dukɔ la tsɔ lãwo sa vɔe le Aƒetɔ ŋkume. 5Fia Salomo tsɔ nyi akpe bla eve vɔ eve kple alẽ akpe alafa ɖeka bla eve sa vɔe. Aleae fia la kple dukɔ blibo la kɔ Mawu ƒe xɔ la ŋui. 6Nunɔlawo le tsitre ɖe wo nɔƒe, Levi viwo lé Aƒetɔ ƒe hadzinu siwo David, fia la, wɔ la ɖe asi bene woatsɔ David ƒe kafukafuha ada akpe na Aƒetɔ elabe eƒe amenuveve li tegbee! Nunɔlawo le hadzilawo kasa le kpẽ kum esime ameha blibo la le tsitre nu. 7Salomo kɔ̀ nɔƒe titinatɔ si le Aƒetɔ ƒe aƒe la ŋgɔ la ŋu, elabe afi mae wòtsɔ numemevɔsa kple ŋutifafavɔsalã ƒe ami sa vɔe le. Salomo sa vɔa le afi ma, elabe akɔblivɔsamlekpui si wòɖi la melolo na numemevɔsalã, nuɖuɖuvɔsa la kple ami la o.
8Salomo kple Israel blibo la ɖu ŋkekenyui la ŋkeke adrẽ sɔŋ, eye ame geɖe ŋutɔ va tso Xamat-dodonu va se ɖe Egipte-tɔʋua nu. 9Wotsɔ ŋkeke adrẽ kɔ̀ vɔsamlekpui la ŋu, eye woɖu ŋkekenyuia ŋutɔ ŋkeke adrẽ. Le ŋkeke enyia gbe la, wowɔ takpekpe tɔxɛ. 10Le dzinu adrẽlia ƒe ŋkeke bla eve vɔ atɔ̃lia gbe la, Salomo ɖo dukɔ la ɖe aƒe. Wodzo kple dzidzɔ kple aseyetsotso, le nu nyui si Aƒetɔ wɔ na David, Salomo kple eƒe dukɔ Israel la ta.
Mawu gaɖe eɖokui fia Salomo
(Fia I, 9.1-9)
11Ale Salomo wu Aƒetɔ ƒe aƒe la kple fiasã la nu, eye wòwɔ nu sia nu si wòdi be yeawɔ le Aƒetɔ ƒe aƒe la kple eya ŋutɔ ƒe aƒe la me vɔ pɛpɛpɛ. 12Aƒetɔ ɖe eɖokui fia Salomo le zã me, eye wògblɔ nɛ be: “Mese wò gbedodoɖa, eye metia teƒe sia ne wòanye afi si woasa vɔ nam le. 13Ne mexe dziƒo nu, eye tsi megale dzadzam o, ne meɖe gbe na ʋetsuviwo be woava gblẽ nu le anyigba dzi, ne meɖo dɔ vɔ̃ ɖe nye dukɔ la me, 14eye nye dukɔ, si ŋu nye ŋkɔ le la, bɔbɔ wo ɖokui, do gbe ɖa, di nye ŋkume, eye wodzudzɔ nu vlo wɔwɔ la, ekema maɖo to asee le dziƒo, atsɔ woƒe nuvɔ̃wo ake, eye mada gbe le anyigba la ŋu. 15Azɔ nye ŋku anɔ ʋuʋu, eye nye to anɔ keke ɖi, ɖe gbe si woado ɖa le teƒe sia ŋu. 16Azɔ metia xɔ sia, eye mekɔ̀ eŋu be wòanye afi si woasubɔm le tegbee. Ẽ, nye ŋku kple nye dzi anɔ afi ma ŋu ɖaasi. 17Ke wò la, ne ènɔ agbe nyui le ŋkunye me abe tɔ́wò David ene, eye nèwɔ se siwo katã mede na wò dzi helé nye ɖoɖowo kple kɔnuwo me ɖe asi la, 18#Fia I, 2.4.ekema mana wò fiazikpui la nali ke abe ale si mebla nu kple tɔ́wò David, gblɔ nɛ ene be: ‘Wò ame siwo anɔ Israel-fiazikpui la dzi la nu matso akpɔ o!’
19“Ke ne miegbugbɔ le yonyeme, eye mieɖe asi le nye ɖoɖo kple nye se siwo mede na mi la ŋu, eye mieyi ɖasubɔ mawu bubuwo hede ta agu na wo la, 20ekema maho mi ɖa le nye anyigba si metsɔ na mi la dzi. Maɖe xɔ sia, si ŋu mekɔ̀ be woasubɔm le eme la hã ɖa le nye ŋku ta, eye mawɔe wòazu hamelo kple alɔmeɖenu le dukɔwo katã dome. 21Ekema, xɔ sia, si xɔ ŋkɔ fifia la awɔ mo yaa na ame sia ame si va yina la, eye wòabia be: ‘Nu ka ta Aƒetɔ wɔ anyigba sia kple xɔ sia ale?’ 22Ale amewo aɖo eŋu be: ‘Esi wogblẽ Aƒetɔ, wo tɔgbuiwo ƒe Mawu si kplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi la ɖi, eye woɖaku ɖe mawu bubuwo ŋu, de ta agu na wo hesubɔ wo la tae. Esia ta Aƒetɔ he dzɔgbevɔ̃e siawo katã va wo dzii ɖo.’ ”