رفتن به محتوا

Kronika II 36

36
Yuda-fia Yoaxaz
(Fia II, 23.30-35)
1Tete dukɔ la tia Yoaxaz, Yosiya vi ɖo fiae ɖe tɔ́a teƒe le Yerusalem. 2Yoaxaz xɔ ƒe bla eve vɔ etɔ̃ esime wòzu fia eye wòɖu fia ɣleti etɔ̃ le Yerusalem. 3Egipte-fia ɖee le zi dzi le Yerusalem, eye wòzi dukɔa dzi be wòaxe adzɔ klosalo kilo akpe etɔ̃ alafa ene kple sika kilo bla etɔ̃ vɔ ene. 4#Yer 22.11, 12.Egipte-fia tsɔ Yoaxaz nɔviŋutsu Elyakim ɖo fiae ɖe Yuda kple Yerusalem nu, eye wòtrɔ ŋkɔ nɛ be Yehoyakim, ke Nexo kplɔ nɔvia Yoaxaz ya yi Egipte.
Yuda-fia Yehoyakim
(Fia II, 23.36—24.7)
5 # Yer 22.18, 19; 26.1-6; 35.1-19. Yehoyakim xɔ ƒe bla eve vɔ atɔ̃, esime wòzu fia, eye wòɖu fia ƒe wuiɖekɛ le Yerusalem. Ewɔ nuvɔ̃ɖi le Aƒetɔ, eƒe Mawu la ŋkume. 6#Yer 25.1-38; 36.1-32; 45.1-5; Dan 1.1, 2.Babilon-fia Nebukadnezar tso ɖe eŋu, va lée bɔ pãe, eye wòkplɔe yi Babilon. 7Nebukadnezar lɔ Aƒetɔ ƒe aƒe la me ŋudɔwɔnu aɖewo ɖada ɖe eƒe fiasã me le Babilon. 8Yehoyakim ƒe ŋutinya mamlɛawo, ŋunyɔnu siwo wòwɔ kple nuvɔ̃ɖi si wokpɔ le eŋu la, woŋlɔ wo ɖe Israel kple Yuda fiawo Ŋutinyagbalẽ la me. Via Yehoyakin zu fia ɖe eteƒe.
Yuda-fia Yehoyakin
(Fia II, 24.8-17)
9Yehoyakin xɔ ƒè enyi#36.9: Enyi: Gɔmeɖeɖe aɖewo be wui enyi. esime wòzu fia, eye wòɖu fia ɣleti etɔ̃ kple ŋkeke ewo le Yerusalem. Ewɔ nuvɔ̃ɖi le Aƒetɔ ŋkume. 10#Yer 22.24-30; 24.1-10; 29.1, 2; Xez 17.12; Yer 37.1; Xez 17.13. Esi ƒe trɔ la, Nebukadnezar dɔ woɖakplɔe, lɔ Aƒetɔ ƒe aƒe la me ŋudɔwɔnu veviwo kpe ɖe eŋu, va Babilon. Etsɔ nɔvia ŋutsu#36.10: Nɔvia ŋutsu: Gɔmeɖeɖe xoxo aɖewo be tɔɖea. (Kpɔ Fia II, 24.17); Hebri Biblia be nɔvia ŋutsu. Zedekiya ɖo fiae ɖe Yuda kple Yerusalem nu.
Yuda-fia Zedekiya
(Fia II, 24.18-20; Yer 52.1-3a)
11 # Yer 27.1-22; 28.1-17. Zedekiya xɔ ƒe bla eve vɔ ɖekɛ, esime wòzu fia eye wòɖu fia ƒe wuiɖekɛ le Yerusalem. 12Ewɔ nuvɔ̃ɖi le Aƒetɔ, eƒe Mawu la ŋkume. Mebɔbɔ eɖokui na gbeƒãɖela Yeremya esime wòɖe gbeƒã Aƒetɔ ƒe numegbe nɛ o.
Yerusalem-gbagbã
(Fia II, 25.1-21; Yer 52.3b-11)
13 # Xez 17.15. Zedekiya dze aglã ɖe Nebukadnezar, ame si na wòtà Mawu nɛ be yeawɔ nuteƒe la ŋu. Etri to, sẽ dzime, eye wògbe be yematrɔ ɖe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la ŋu o. 14Gawu la, nunɔlawo ƒe tatɔwo katã kple dukɔ la hã tra mɔ vevie, elabe woawo hã subɔ dukɔ siwo ƒo xlã wo la ƒe legba nyɔŋuawo. Woƒo ɖi Aƒetɔ ƒe aƒe le Yerusalem si ŋu wòkɔ la. 15Aƒetɔ, wo tɔgbuiwo ƒe Mawu la ɖo eƒe amedɔdɔwo ɖe wo enuenu elabe eƒe dukɔ la kple eƒe nɔƒe la wɔ nublanui nɛ. 16Ke woɖe alɔ me le Mawu ƒe amedɔdɔawo ŋu, do vlo eƒe nyaawo, eye woɖu fewu le gbeƒãɖelaawo ŋu, va se ɖe esime Aƒetɔ va do dɔmedzoe ɖe eya ŋutɔ ƒe dukɔ la ŋu vevie ale gbegbe be womete ŋu tsi enu o.
17 # Yer 21.1-10; 34.1-5. Eya ta Aƒetɔ kplɔ Kaldea-fia vɛ wòho aʋa ɖe wo ŋu. Ewu woƒe ɖekakpuiwo kple yi le aƒe la ƒe kɔkɔeƒe la me. Mekpɔ nublanui na ɖekakpui alo ɖetugbi, ame tsitsi alo amegãɖeɖi o; etsɔ wo katã de asi nɛ. 18Babilon-fia lɔ Mawu ƒe aƒe la me ŋudɔwɔnuwo katã, gãtɔwo kple suetɔwo siaa, Aƒetɔ ƒe aƒe la me kesinɔnuwo, fia la kple dumegãwo ƒe kesinɔnuwo, eye wotsɔ wo katã yi Babilon. 19#Fia I, 9.8.Wotɔ dzo Mawu ƒe aƒe la, mu Yerusalem ŋu gliawo ƒu anyi, tɔ dzo fiasãwo katã, eye wogblẽ woƒe nu xɔasiwo katã. 20Ekplɔ ame siwo metsi yi nu o la yi Babilon, eye wozu kluvi na eya kple eƒe dzidzimeviwo va se ɖe esime Persia-fiaɖuƒe la va. 21#Yer 25.11; 29.10. Ale nya si Aƒetɔ gblɔ to Yeremya dzi la va eme be: Va se ɖe esime anyigba la nakpɔ gbɔɖeme. Edzudzɔ le ŋkeke siwo katã wònye aƒedo la me hewu ƒe bla adrẽ la nu.
Kores ɖe mɔ be Yudatɔwo nagbugbɔ yi aƒe
(Ezra 1.1-4)
22Le Kores, Persia-fia ƒe ƒè gbãtɔ me la, Aƒetɔ ƒe nya si wògblɔ to eƒe gbeƒãɖela Yeremya dzi la va eme. Aƒetɔ nyɔ Kores, Persia-fia ƒe gbɔgbɔ be wòaɖe gbeƒã le eƒe fiaɖuƒe blibo la me, eye wòana woaŋlɔ agbalẽ atu edzi be: 23#Yes 44.28. “ ‘Kores, Persia-fia, be: ‘Aƒetɔ, Dziƒo Mawu la tsɔ anyigba dzi fiaɖuƒewo katã nam, eye wòɖoe nam be matu xɔ na ye ɖe Yerusalem si le Yuda la. Ame sia ame si nye eƒe dukɔmevi le mia dome la, Aƒetɔ, eƒe Mawu nenɔ kplii. Mina ne wòayi!’ ”