Kronika II 35
35
Yosiya na dukɔa ɖu Paska la
(Fia II, 23.21-23)
1Fia Yosiya ɖu Paska le Yerusalem tsɔ de bubu Aƒetɔ ŋu. Wowu Ŋutitotovɔsalãwo le ƒè la ƒe ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wui enea gbe. 2Ede dɔ asi na nunɔlawo, eye wòde dzi ƒo na wo le Aƒetɔ ƒe aƒe la ƒe subɔsubɔdɔ la me. 3Egblɔ na Levi viwo, ame siwo fiaa nu Israel blibo la, eye wokɔa wo ŋu na Aƒetɔ la be: “Mitsɔ aɖaka kɔkɔe la ɖada ɖe xɔ si Salomo, Israel-fia David vi la tu la me. Migatsɔe ɖe abɔta azɔ o. Azɔ misubɔ Aƒetɔ, mia Mawu la kple eƒe dukɔ Israel. 4#Kron II, 8.14. Miɖo ɖe hatsotsowo me ɖe mia tɔgbuiwo ƒe ƒomeawo nu, abe ale si David Israel-fia kple via Salomo ŋlɔ ɖi la ene. 5Mitsi tsitre ɖe kɔkɔeƒe la ɖe mia tɔgbuiwo ƒe aƒekɔwo ƒe hatsotso nu ɖe mia nɔvi siwo nye dukɔ la teƒe, eye mina Levi viwo nanɔ mia tɔgbuiwo ƒe aƒekɔ ɖe sia ɖe ƒe mama teƒe. 6Miwu ŋutitotovɔsalã la eye mikɔ mia ɖokui ŋu ne miadzrae ɖo na mia nɔviwo be woawɔ ɖe Aƒetɔ ƒe ɖoɖo si wòna to Mose dzi la dzi.”
7Yosiya na alẽvi kple gbɔ̃vi akpe bla etɔ̃ kple nyitsu akpe etɔ̃ tso eya ŋutɔ ƒe lãhawo me be woatso wo katã asa Paska vɔe ɖe vavalawo katã nu. 8Eƒe dumegãwo hã na lɔlɔ̃nununana dukɔa, nunɔlaawo kple Levi viawo faa. Xilkiya, Zaxarya kple Yexiel, ame siwo nye Mawu ƒe aƒe la dzikpɔlawo la na alẽvi kple gbɔ̃vi akpe eve kple alafa ade kple nyitsu alafa etɔ̃ nunɔlaawo. 9Azɔ Xananya, Semaya, Netaneel kple nɔviawo kple Xasabya, Yeiel kpakple Yozabad, ame siwo nye Levi viwo ƒe tatɔwo la na alẽvi kple gbɔ̃vi akpe atɔ̃ kple nyitsu alafa atɔ̃ Levi viwo hena ŋutitotovɔsawo.
10Esi wowɔ ɖoɖo ɖe subɔsubɔ la ŋu vɔ la, nunɔlawo tsi tsitre ɖe woƒe teƒe eye Levi viwo le woƒe hatsotsowo me abe ale si fia la ɖe gbe na wo la ene. 11Wowu ŋutitotovɔsalãawo eye nunɔlawo xɔ ʋu la le Levi viawo si me le hehlẽm, esime Levi viawo le agbalẽ kom le lãawo ŋu. 12Woɖe numemevɔsalã la ɖe aga be woama na ameawo ɖe woƒe ƒomewo nu, ne woatsɔ sa vɔ na Aƒetɔ, abe ale si wogblɔ be woawɔe le Mose ƒe sea me la ene. Wowɔ nyitsuawo hã nenema. 13#Mos II, 12.8, 9. Womè ŋutitotolã la le dzo me ɖe ɖoɖoa nu, eye woɖa nunana kɔkɔeawo le ze kple gaze kpakple agbawo me ɖama kabakaba na ameha blibo la katã. 14Emegbe wokpɔ woawo ŋutɔ kple nunɔlawo tɔ gbɔ. Nunɔlawo, ame siwo nye Aron ƒe dzidzimeviwo la nɔ dzo tɔm numemevɔsawo kple lãmiawo va se ɖe esime zã do. Eya ta Levi viwo wɔ woawo ŋutɔ kple nunɔlawo Aron ƒe dzidzimeviwo tɔ. 15#Kron I, 25.1. Hadzilawo, ame siwo nye Asaf ƒe dzidzimeviwo la le woƒe teƒe abe ale si David, Asaf, Heman kple Yedutun, fia ƒe nukpɔla ɖo na wo lae ene. Nenema ke agbonudzɔlawo le agbo sia agbo nu. Womekpɔ mɔ adzo le woƒe dɔdeasi gbɔ o, elabe wo nɔvi Levi viwo ɖa nu na wo. 16Aleae wowɔ ɖoɖo ɖe Aƒetɔ ƒe subɔsubɔdɔ blibo la ŋu gbe ma gbee. Woɖu Paska la, eye wosa numemevɔ le Aƒetɔ ƒe vɔsamlekpui la dzi abe ale si fia Yosiya ɖe gbe be woaɖui la ene. 17#Mos II, 12.1-20. Israelvi siwo va la ɖu Paska la kple Abolo Maʋamaʋã Ŋkeke Nyui la ŋkeke adrẽ. 18Tso Mawu ƒe gbeƒãɖela Samuel ŋɔli va se ɖe ɣe ma ɣi kpa womeɖu Paska aɖeke alea kpɔ o. Israel-fia siwo katã do ŋgɔ na Yosiya la dometɔ aɖeke meɖu Paska aɖeke abe esi Yosiya, nunɔlawo, Levi viwo, Yuda-dukɔ bliboa kple Israelvi siwo va kpakple Yerusalemnɔlawo ɖui la ene o. 19Woɖu Paska sia esime Yosiya le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒè wui enyilia me.
Yosiya ƒe nuwuwu
(Fia II, 23.28-30)
20Esi Yosiya ɖɔ aƒe la me ɖo vɔ megbe keŋ la, Nexo, Egipte-fia ho be yeaɖawɔ aʋa le Karkemis le Frat-tɔsisi nu. Yosiya ho yi be yeakpe kplii. 21Ke Nexo dɔ ame ɖee be: “O, Yuda-fia, nya kae le nye kple wò dome? Menye wò ŋu meho ɖo fifia o, boŋ fiaɖuƒe si mía kplii míele aʋa dzi la ŋu ye, eye Mawu be mawɔ kaba. Megatsi tsitre ɖe Mawu, ame si li kplim la ŋu ne wòava atsrɔ̃ wò o.” 22Ke Yosiya metrɔ dzo o. Meɖo to Nexo ƒe nya si Mawu gblɔ nɛ la o, ke boŋ edze avu be yeaɖakpe aʋa kplii le Megido-bali la me. 23Tete aŋutrɔdalawo té fia Yosiya. Fia la gblɔ na eƒe dɔlawo be: “Mikplɔm dzoe; mexɔ abi vevie.” 24Ale eƒe dɔlawo ɖee le tasiaɖam la me de eƒe tasiaɖam evelia me, eye wòkɔe va Yerusalem. Eku, eye woɖii ɖe tɔgbuiawo ɖiƒe. Yuda kple Yerusalem katã fa na Yosiya. 25Yeremya kpa konyifaha na Yosiya, eye ŋutsuhadzilawo kple nyɔnuhadzilawo siaa dzi konyifaha na Yosiya, eye esia zu kɔnu le Israel va se ɖe egbe. Woŋlɔ ha siawo ɖe Konyifahawo ƒe agbalẽ me. 26Yosiya ƒe ŋutinya mamlɛawo, eƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ ɖe Aƒetɔ ƒe se la nu 27kple eƒe ŋutinya tso gɔmedzedzea va se ɖe nuwuwua la, woŋlɔ wo ɖe Israel kple Yuda-fiawo ƒe Ŋutinyagbalẽ la me.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.