Tesalonikatɔwo I 5
5
Midzra ɖo na Aƒetɔ la ƒe vava
1Nɔviwo, mehiã be magaŋlɔ naneke na mi tso ɣeyiɣiawo kple azãgbeawo ŋuti o, 2#Mat 24.43; Luk 12.39; Pet II, 3.10. elabe miawo ŋutɔ mienya be Aƒetɔ ƒe ŋkeke la ɖe wòle nɔnɔ ge, abe ale si fiafitɔ ɖina ɖe ame le zã me la ene. 3Ɣeyiɣi si me amewo anɔ gbɔgblɔm be: “Ŋutifafa ɖo aƒe eye míele dedie” la, ɣe ma ɣi tututue wole wo tsrɔ̃ ge kpata abe ale si fúɖuame lilia funɔ, eye mete ŋu sína le enu o la ene. 4Ke, nɔviwo, miawo ya la, menye viviti mee miele ne ŋkeke sia nava aɖi ɖe mi abe fiafitɔ ene o, 5elabe kekeli kple ŋkeke me tɔwo mi katã mienye, ke menye zã kple viviti me tɔwo o. 6Eya ta migana míanɔ alɔ̃ dɔm abe ame bubuwo ene o, ke boŋ mina míanɔ ŋudzɔ ahanɔ mo xexi. 7Zã mee ame dɔa alɔ̃, eye zã mee ahamulawo mua aha. 8#Yes 59.17; Efes 6.13-17. Ke esi míawo míenye ŋkekemetɔwo ta la, mina míanɔ mo xexi. Míaƒe akɔtakpoxɔnu nanye xɔse kple lɔlɔ̃, eye míaƒe gakuku nanye mɔ si kpɔm míele be wole mía xɔ ge ɖe agbe, 9elabe Mawu meɖoe ɖi be yeƒe dɔmedzoe la natsrɔ̃ mí o, ke boŋ be yeato mía Aƒetɔ Yesu Kristo dzi axɔ mí ɖe agbe. 10Kristoe ku ɖe mía ta ale be, ɖe míele agbe o, ɖe míeku o, míanɔ egbɔ. 11Eya ta mido ŋusẽ mia nɔewo, eye miakpe ɖe mia nɔewo ŋu be miatsi ɖe edzi, abe ale si miele ewɔmee ene.
Ɖoɖo mamlɛawo kple gbedoname
12Nɔviwo, míele kuku ɖem na mi be miatsɔ bubu na mia dome ame siwo le kutri kum, le mia kplɔm le Aƒetɔ la ƒe mɔ dzi eye woxlɔ̃a nu mi la. 13Mibu wo vevie eye mialɔ̃ wo le dɔ si wɔm wole la ta. Minɔ kple mia nɔewo le ŋutifafa me. 14Nɔviwo, ke míele aɖaŋu ɖom na mi be migbe nya na kuviatɔwo, mido ŋusẽ ame siwo ƒo dzi ɖe le, mido alɔ ame siwo gbɔdzɔ eye migbɔ dzi ɖi na ame sia ame. 15Mikpɔ nyuie be ame aɖeke nagaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe o, ke boŋ midi nyui na mia nɔewo kple ame sia ame. 16Mikpɔ dzidzɔ ɖaa. 17Minɔ gbedodoɖa dzi ɣe sia ɣi. 18Mida akpe ɖe nu sia nu si adzɔ la ta elabe esiae nye nu si Mawu di tso mi, ame siwo le ha dem kple Kristo Yesu la si. 19Migatsi Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nu o, 20eye migado vlo Mawu ƒe gbeƒãɖelawo o, 21ke boŋ mido nu sia nu kpɔ, ne mialé nu si nyo la me ɖe asi. 22Mite ɖa xaa tso nuvɔ̃ɖi ɖe sia ɖe ƒomevi gbɔ.
23Mawu, ame si naa ŋutifafa la ŋutɔ nakɔ mia ŋuti keŋkeŋ. Nena miaƒe gbɔgbɔ, luʋɔ kple ŋutilã nanɔ dedie, mokaka manɔŋui le gbe si gbe mía Aƒetɔ Yesu Kristo agava. 24Ame si yɔ mi vɛ la nuteƒewɔla wònye eye awɔe godoo.
25Nɔviwo, mido gbe ɖa ɖe mía ta.
26Míedo gbe na nɔviawo katã nyuie!
27Míele biabiam tso mia si, abe ale si Aƒetɔ la di ene, be miaxlẽ agbalẽ sia na hametɔwo katã.
28Mía Aƒetɔ Yesu Kristo neve mia nu.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.