Tesalonikatɔwo I 4
4
Agbenɔnɔ si dzea Mawu ŋu
1Mlɔeba la, nɔviwo, miesrɔ̃ ale si mianɔ agbee wòadze Mawu ŋu tso mía gbɔ eye miele enɔm hã, ke esi míede ha kple Aƒetɔ Yesu ta la, míele nu xlɔ̃m mi hele ŋusẽ dom mi be miayi edzi geɖe wu. 2Mienya ɖoɖo siwo Aƒetɔ Yesu na míewɔ na mi la. 3Enye Mawu ƒe didi be mianɔ agbe dzadzɛ eye miagawɔ ahasi o. 4Edi be mia dome ame sia ame nanya ale si wòaɖu eɖokui dzii, ale be wòate ŋu anɔ anyi kple srɔ̃a le kɔkɔenyenye kple bubu me, 5ke megana eƒe fieŋufieŋu naɖu edzi, abe ale si trɔ̃subɔla siwo menya Mawu o la, nana be wo tɔ ɖua wo dzi la ene o. 6Le nu siawo me la, Mawu medi be ame aɖeke nada vo ɖe nɔvia ŋu alo abae o. Abe ale si míete gbe ɖe edzi na mi va yi xoxo ene la, Aƒetɔ la ɖe wòhea to na ame si wɔa nuvɔ̃ siawo dome ɖe sia ɖe. 7Elabe Mawu meyɔ mí vɛ be míava agblẽ o, ke boŋ be míava zu ame siwo ŋu wokɔ. 8Ale ame si ke gbe ɖoɖo siawo dzi wɔwɔ la, menye amegbetɔ wògbe o, ke boŋ Mawu si na eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la mi lae wògbe.
9Le mia nɔewo lɔlɔ̃ gome ya la, mehiã kura be maŋlɔ naneke na mi tso eŋu o, elabe Mawu ŋutɔ fia mi be mialɔ̃ mia nɔewo xoxo. 10Le nyateƒe me la, mielɔ̃ hametɔ siwo katã le Makedonia-nyigba blibo la dzi. Ke, nɔviwo, míele ŋusẽ dom mi be miagayi edzi geɖe wu. 11Miaƒe taɖodzinu nanye be mianɔ agbe kpoo eye ame sia ame nakpɔ eya ŋutɔ ƒe nyawo gbɔ. Mitsɔ miaƒe asiwo wɔ dɔe, abe ale si míebia tso mia si la ene. 12Esia awɔe be miagaziɔ ɖe ame aɖeke ŋu o, eye ame siwo mele hamea me o la, abu mi.
Aƒetɔ la ƒe vava evelia
13Nɔviwo, míedi vevie be mianya nu le ame siwo ku la ƒe nya ŋuti, bene miaganɔ nu xam, abe ame bubu siwo si mɔkpɔkpɔ mele o la ene o. 14Zi ale si míexɔe se be Yesu ku eye wògafɔ la, míegaxɔe se kplikpaa hã be Mawu ato Yesu dzi akplɔ ame siwo ku la ayi eɖokui gbɔe.
15 #
Kor I, 15.51, 52. #
Sir 48.11. Aƒetɔ la ŋutɔ ƒe nya wònye gblɔm míele na mi, be mí, ame siwo susɔ le agbe le Aƒetɔ la ƒe vavagbe la, míele ŋgɔ do ge na ame siwo ku la o. 16Aƒetɔ la ŋutɔ aɖi tso dziƒo ava kple gbeɖeɖe sesẽ, eye mawudɔlagã la aku Mawu ƒe kpẽ la. Ame gbãtɔ siwo le tsitre tsi ge lae nye ame siwo xɔ Kristo dzi se, hafi ku la. 17Eya yome hafi woaƒo ƒu mí, ame siwo susɔ gale agbe le ɣe ma ɣi me kple wo katã ɖe alilikpowo me, ale be míayi aɖakpe Aƒetɔ la le ya me, eye ale míanɔ anyi kplii ɖaa. 18Eya ta mitsɔ nya siawo fa akɔ na mia nɔewoe hee.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.