رفتن به محتوا

Petro ƒe Agbalẽ Gbatɔ̃ 3

3
Srɔ̃nyɔnuwo kple srɔ̃ŋutsuwo
1 # Efes 5.22; Kol 3.18. Srɔ̃nyɔnuwo, miawo hã mibɔbɔ mia ɖokui na mia srɔ̃wo nenema ke, ale be miaƒe agbe nyui nɔnɔ natrɔ wo dome ame siwo mewɔa Mawu ƒe nya dzi o la, be woava xɔ edzi ase. Mahiã kura be miawo miake nu agblɔ nya aɖeke gɔ̃ hã o, 2elabe ne miede bubu mia ɖokui ŋu, eye mienɔ agbe dzadzɛ la, awɔ dɔ ɖe mia srɔ̃wo dzi. 3#Tim I, 2.9. Miawo la, migaƒo ɖa atsiãtɔe o. Migatsɔ sikanu kple awu xɔasiwo ɖo atsyɔ̃e bene yewoanyakpɔ na amewo o. 4Ke boŋ miɖo atsyɔ̃ na gbɔgbɔ fatu si li kpoo le mia me la kple atsyɔ̃ɖonu si megblẽna o la. Atsyɔ̃ɖoɖo siae nye xɔasitɔ kekeake le Mawu ŋkume. 5Nyɔnu kɔkɔe siwo ɖo ŋu ɖe Mawu ŋu le blema la, aleae wobɔbɔ wo ɖokui na wo srɔ̃wo, eye wònye atsyɔ̃ woɖo na wo ɖokuii. 6#Mos I, 18.12. Nenemae Sara hã bɔbɔ eɖokui na Abraham, eye wòyɔnɛ be, “Nye aƒetɔ.” Sara vinyɔnuviwo miawo hã miezu azɔ, nenye be miewɔa nu dzɔdzɔe, eye naneke medoa ŋɔdzi na mi o.
7 # Efes 5.25; Kol 3.19. Nenema ke mi srɔ̃ŋutsuwo hã, ne mia kple mia srɔ̃wo mieli la, mibu wo ŋu le miaƒe nuwɔnawo me elabe nyɔnuwoe wonye. Mibu wo, elabe mi kpakple woawo siaa nue Mawu ve be miava nɔ agbe. Ne miewɔ esia la, naneke maxe mɔ na miaƒe gbedodoɖawo o.
Fukpekpe ɖe nu dzɔdzɔe wɔwɔ ta
8Mlɔeba la, mina mi katã miaƒe susu nanɔ ɖeka; ame ƒe nu newɔ nublanui na mi; milɔ̃ mia nɔewo abe dadaviwo ene; minyo dɔme na amewo, eye mibɔbɔ mia ɖokui. 9Ne wowɔ vɔ̃ ɖe ame aɖe ŋu la, megawɔ vɔ̃ ɖe eteƒe o; ne wodzu ame aɖe hã, megadzu ame ɖe eteƒe o. Ɖe esiawo teƒe la, mibia yayra na wo boŋ, elabe ɖe woyɔ mi vɛ, be miava kpɔ yayra ƒe gome. 10#Ps 34.12-16. Mawunya gblɔ be:
“Ame sia ame si di be yeanɔ agbe
ase vivi nɛ,
eye yeakpɔ ŋkekenyuiwo la,
nya vlo aɖeke negado le enu o;
megaka aʋatso hã o.
11Nedzudzɔ nuvɔ̃ɖi wɔwɔ,
ne wòawɔ nu nyui.
Nedi ŋutifafa,
eye wòati eyome.
12Elabe Aƒetɔ la ƒe ŋku
le nu dzɔdzɔe wɔlawo ŋu,
eye wòke to ɖi,
be yease nu siwo woabia la.
Ke eklẽa ŋku ɖe nuvɔ̃ɖi wɔlawo.”
13Ne miedoa vevie nu nyui wɔna la, ame ka koŋ awɔ nu vevi mi? 14#Mat 5.10.#Yes 8.12, 13. Evɔ la, ne ehiã eye miekpe fu le nu dzɔdzɔe wɔwɔ ta gɔ̃ hã la, Mawu yra mi. Migavɔ̃ woamawo o, eye migatsi dzimaɖi hã o. 15Ɖe esia teƒe la, mitsɔ bubu na Kristo abe Aƒetɔ ene le miaƒe dzime. Minɔ ŋudzɔ ɣe sia ɣi, be miate ŋu aɖe nya me na ame sia ame si di tso mia si, be miaɖe nya me na ye tso nu si miele mɔ kpɔm na la ŋu, 16ke migbɔ dzi blewuu miawɔ esia kple bubu. Mina miaƒe dzitsinya navo, ale be ne wodzu mi la, ŋu nakpe ame siwo gblɔa nya vlo tso nɔnɔme nyui, si le mia si le hadede kple Kristo me la ŋuti. 17Elabe ne enye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, enyo be ame nakpe fu ɖe nu dzɔdzɔe wɔwɔ ta, wu be wòakpe fu ɖe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ ta. 18Elabe Kristo hã ku#3.18: Mawunyagbalẽ xoxo aɖewo gblɔ be: “… kpe fu.” ɖe amewo ƒe nuvɔ̃wo ta zi ɖeka ko ɖe ɣeyiɣiawo katã nu. Togbɔ be enye ame dzɔdzɔe hã la, eku ɖe nu madzɔmadzɔ wɔlawo ta be yeate ŋu akplɔ mí ayi Mawu gbɔe, 19eye wòyi ɖagblɔ mawunya na gbɔgbɔ siwo le gaxɔ me. 20#Mos I, 6.1—7.24. Woawoe nye ame siwo meɖo to Mawu ƒe gbe ɣe ma ɣi, esime Noa nɔ eƒe aɖakaʋu la kpam la o. Ke Mawu gbɔ dzi blewuu na wo. Ame ʋɛ siwo de enyi pɛ koe woxɔ ɖe agbe le tsiɖɔɖɔ la me. 21Mawutsilele sɔ kple tsiɖɔɖɔ sia, eye eyae xɔ mi ɖe agbe azɔ. Menye ɖikɔklɔɖa le ame ŋu ƒe tsi wònye o, ke boŋ enye kukuɖeɖe na Mawu, be wòana ame ƒe dzitsinya navo. Mawutsilelee xɔ mi ɖe agbe to Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi tso ku me me. 22Eyi dziƒo, eye wòle Mawu ƒe ɖusime hele mawudɔlawo, dziɖulawo kple ŋusẽ siwo le dziƒo la dzi ɖum.