رفتن به محتوا

Petro ƒe Agbalẽ Gbatɔ̃ 2

2
Kristoe nye dzogoedzikpe la
1Eya ta midzudzɔ nuvɔ̃ɖi ɖe sia ɖe ƒomevi wɔwɔ. Aɖaŋu vɔ̃ ɖoɖo na ame, alakpanuwɔwɔ, ŋuʋaʋã kple ameŋugbegblẽ nedo ɖa le mia dome. 2Abe vidzĩ fɛ̃wo ene la, mina gbɔgbɔ la ƒe notsi si wometɔ tsii o la nadzro mi vevie, ale be ne mienoe la, miate ŋu atsi ɖe edzi bene woaxɔ mi ɖe agbe. 3#Ps 34.8. Mawunya gblɔ be: “Miawo ŋutɔ mieɖɔ ale si Aƒetɔ la nyoa dɔme na amee la kpɔ.”
4Eya ta mite va Aƒetɔ la gbɔ. Eyae nye kpe gbagbe si amewo gbe, ke enye kpe si wotia, eye wòxɔ asi ŋutɔ le Mawu gbɔ. 5Miawo hã miele abe kpe gbagbewo ene, eya ta mitsɔ mia ɖokui tu gbɔgbɔmexɔe. Xɔ sia mee mianye nunɔlawo ƒe ha kɔkɔe le, eye miato Yesu Kristo dzi asa gbɔgbɔmevɔ si adze Mawu ŋu la na Mawu. 6#Yes 28.16. Elabe woŋlɔ ɖe mawunya me be:
“Mikpɔ ɖa!
Mele dzogoedzikpe tiatia xɔasi aɖe
ɖom anyi ɖe Zion.
Ame sia ame si xɔ edzi se la,
maɖu ŋukpe o.”
7 # Ps 118.22. Le nyateƒe me la, mi ame siwo xɔ se la, kpe sia xɔ asi ŋutɔ le mia gbɔ, ke le ame siwo mexɔ se o la ya gbɔ la enye:
“Kpe si xɔtulawo gbe,
eye wòva trɔ zu dzogoedzikpe vevitɔ.”
8 # Yes 8.14, 15. Mawunya bubu hã gblɔ be enye:
“Kpe si ana be amewo nakli nu;
agakpe si ana be woadze anyi.”
Wodze anyi, elabe wogbe be yewomawɔ nya la dzi o. Mawu ŋutɔe ɖoe ɖi na wo alea.
9 # Mos II, 19.5, 6; Yes 43.20; Mos II, 19.5; Mos V, 4.20; 7.6; 14.2; Tito 2.14; Yes 43.21; Yes 9.2. Ke miawo la, dzidzime si Mawu tia, nunɔlawo ƒe ha si akplɔ amewo abe fia ene, dukɔ kɔkɔe kple Mawu ŋutɔ ƒe amewoe mienye. Mawu tia mi, eye wòdi tso mia si be miaɖe gbeƒã ame si yɔ mi tso viviti me va eƒe kekeli wɔnuku la gbɔ la ƒe nukunuwɔwɔwo. 10#Hos 2.23. Ɣe aɖe ɣi va yi la, mienye Mawu ƒe dukɔ o; ke azɔ la, mienye eƒe dukɔ. Ɣe aɖe ɣi va yi la, Mawu mekpɔ nublanui na mi o; ke azɔ la, ekpɔ nublanui na mi.
Minɔ agbe abe Mawu ƒe kluviwo ene
11Nye lɔlɔ̃tɔwo, mi ame siwo nye amedzrowo kple mɔzɔlawo le dzronyigba dzi, miaƒe nuxlɔ̃amenyae nye esi: Migawɔ ɖe nuvɔ̃ɖi siwo dzroa miaƒe ameti blibo la, eye wowɔa aʋa kple miaƒe luʋɔ la ƒe didi dzi o. 12Minɔ agbe nyuie le trɔ̃subɔla siwo dome miele la gbɔ, ale be ne woƒo nu le mia ŋu be mienye nuvɔ̃ɖi wɔlawo gɔ̃ hã la, emegbe la, woava kpɔ dɔ nyui siwo miewɔ, eye woakafu Mawu le ʋɔnudrɔ̃gbe la.
13Le Aƒetɔ la ta la, mibɔbɔ mia ɖokui ɖe amegbetɔwo ƒe ŋusẽ ɖe sia ɖe si woɖo anyi le se nu la te. Miwɔ esia na Fiagã si si ŋusẽ le wu amewo katã la. 14Mibɔbɔ mia ɖokui nenema ke na dziɖula siwo Fiagã dɔna ɖa be woahe to na nu gbegblẽ wɔlawo, eye woakafu nu dzɔdzɔe wɔlawo la hã. 15Elabe Mawu ƒe didie nye be miawɔ nu nyui, ale be bometsilawo ƒe numanyamanya nadze ne womagakpɔ nya aɖeke agblɔ tso mia ŋu o. 16Minɔ agbe abe ablɔɖeviwo ene, eye migatsɔ ablɔɖe si miekpɔ la wɔ nuvɔ̃ɖii o, ke boŋ minɔ agbe abe Mawu ƒe kluviwo ene. 17Mitsɔ bubu na ame sia ame. Milɔ̃ nɔvi xɔsetɔwo katã. Mivɔ̃ Mawu. Mitsɔ bubu na Fiagã la.
Fu si Kristo kpe la ƒe kpɔɖeŋu
18Dɔlawo, mibɔbɔ mia ɖokui na miaƒe aƒetɔwo, eye mitsɔ bubu blibo na wo. Menye na aƒetɔ nyui fatuwo ɖeɖe ko o, ke boŋ mibɔbɔ mia ɖokui na esiwo nye dɔmeveveetɔwo hã. 19Nenye be ame aɖe le fu kpem madzemadzee, eye le Mawu ta wòdo dzi se veve la, Mawu akpɔ dzidzɔ le eŋu. 20Ne miewɔ nu gbegblẽ aɖe, si ta woƒo mi ɖo, eye miedo dzi xɔ ƒoƒoa la, kafukafu kae le esia me na mi? Evɔ ne miewɔ nu nyui hekpe fu ɖe eta, eye miedo dzi tsɔe la, Mawu akpɔ ŋudzedze le mia ŋu. 21Nu sia gbɔe Mawu yɔ mi vɛ, elabe Kristo hã kpe fu ɖe mia ta, eye wògblẽ eƒe kpɔɖeŋu ɖi na mi be miato yeƒe afɔtoƒe. 22#Yes 53.9. Kristo mewɔ nuvɔ̃ aɖeke kpɔ o, eye meble ame aɖeke kpɔ hã o. 23#Yes 53.7. Esi wodzui la, medzu ame ɖe eteƒe o; esime wonɔ fu wɔmee la, medo ŋɔdzi na ame aɖeke o, ke boŋ eɖo dzi ɖe Mawu, ame si drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe la ŋu. 24#Yes 53.5, 6. Kristo ŋutɔe tsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ɖe eƒe ŋutilã me yi ati la ŋu. Ewɔ esia ale be míaku na nuvɔ̃, eye míanɔ agbe ahawɔ nu dzɔdzɔe. Wotsɔ abi siwo wode eŋu la yɔ dɔ mi. 25Le nyateƒe me la, ɖe mietra mɔ nɔ tsatsam abe alẽwo ene; ke azɔ la, mietrɔ va miaƒe luʋɔkplɔla kple eŋudzɔla la gbɔ.