1
Salomo ƒe Lododowo 3:5-6
EƲEGBE BIBLIA
EB14
Ɖo ŋu ɖe Aƒetɔ ŋu kple wò dzi blibo. Mègaɖo ŋu ɖe wò ŋutɔ wò nugɔmesese ŋu o. Wò susu nenɔ Mawu ŋu le wò nuwɔnawo katã me, ekema ana wò mɔ nadzɔ.
2
Salomo ƒe Lododowo 3:7
Mègabu ɖokuiwò nunyalae o. Vɔ̃ Aƒetɔ, eye nàtsri vɔ̃.
3
Salomo ƒe Lododowo 3:9-10
Tsɔ wò nunɔamesiwo kple wò nuku gbãtɔwo katã de bubu Aƒetɔ ŋu. Ekema nuku ayɔ wò ava, eye wain agbagba le wò ahadzraɖoƒe.
4
Salomo ƒe Lododowo 3:3
Mègadzudzɔ nuteƒewɔwɔ kple nyateƒetoto gbeɖe o. Tsɔ wo de kɔ; ŋlɔ wo ɖe wò dzi ŋu.
5
Salomo ƒe Lododowo 3:11-12
Vinye, mègagbe Aƒetɔ ƒe amehehe o; eƒe mokaname megati wò o. Elabe ame si Aƒetɔ lɔ̃ la, eyae wòkaa mo na, abe viŋutsu si gbɔ tɔ́a melɔ̃a nu le o la ene.
6
Salomo ƒe Lododowo 3:1-2
Vinye, mègaŋlɔ nye nufiame be o, ke na wò dzi nadzra nye sewo ɖo. Elabe woadzi wò agbe me ŋkekewo ɖe edzi, wò ƒèwo asɔ gbɔ, eye nàkpɔ ŋutifafa.
7
Salomo ƒe Lododowo 3:13-15
Ame si ke ɖe nunya ŋu, kpɔa dzidzɔ; ame si ƒe asi su gɔmesese dzi la, kpɔa dzidzɔ. Elabe eme viɖe nyo wu klosalo, eye emetsonu nyo wu sika. Exɔ asi wu dzonu xɔasitɔ. Nu siwo dzroa wò la, ƒe ɖeke mate ŋu ade enu o.
8
Salomo ƒe Lododowo 3:27
Ne àte ŋui la, mègagbe nyuiwɔwɔ na ame si wòdzena la o.
9
Salomo ƒe Lododowo 3:19
Nunya Aƒetɔ tsɔ ɖo xexea me gɔme anyii, eye nugɔmesese wòtsɔ li ke dziƒowoe.