Vinye, ne èxɔ nye nyawo,
eye nèlé se siwo mede na wò la me
ɖe asi sesĩe,
ne èɖo to nunya nyuie,
eye nètrɔ dzi ɖe eŋu, se egɔme,
ẽ, ne èdi nunya deto kple ɣli,
eye nèkɔ wò gbe dzi yɔ nugɔmesese,
ne èdii abe klosalo ene,
eye nèti eyome
abe kesinɔnu si wotsɔ ɣla ene la,
ekema àse Aƒetɔ -vɔvɔ̃ gɔme,
eye àke ɖe sidzedze Mawu ŋu.