1
Salomo ƒe Lododowo 4:23
EƲEGBE BIBLIA
EB14
Nɔ ŋudzɔ vevie le wò dzi ŋu, elabe ŋudzɔnɔnɔ me agbe dona tso.
2
Salomo ƒe Lododowo 4:26
Ɖe toƒe dzɔdzɔe na ɖokuiwò, eye kakaɖedzi anɔ wò mɔwo katã ŋu.
3
Salomo ƒe Lododowo 4:24
Tsri alakpadada na wò nu, eye nàte wò nuyi ɖa tso aʋatsokaka gbɔ.
4
Salomo ƒe Lododowo 4:7
Nunya ƒe gɔmedzedze nye esi: Di nunya. Le nu sia nu si le asiwò dome la, gɔmesese nanye vevitɔ.
5
Salomo ƒe Lododowo 4:18-19
Ke ame dzɔdzɔewo ƒe toƒe ya le abe agudzedze ene. Eklẽna gaklẽna ɖe edzi, va se ɖe esime ŋu kena keŋ. Ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ le abe blukɔ tsiɖitsiɖi ene; womenya nu si kli ge woala o.
6
Salomo ƒe Lododowo 4:6
Mègaɖe asi le nunya ŋu o, ekema adzra wò ɖo. Lɔ̃e, ekema adzɔ ŋuwò.
7
Salomo ƒe Lododowo 4:13
Lé nu si wofia wò la me ɖe asi sesĩe; mègaɖe asi le eŋu o. Dzɔ eŋu, elabe eyae nye wò agbe.
8
Salomo ƒe Lododowo 4:14
Mègato ame vɔ̃ɖiwo ƒe afɔtoƒe o; mègazɔ afi si nu vlo wɔlawo zɔna o.
9
Salomo ƒe Lododowo 4:1
Viwo, mise vi tɔ́ aɖe ƒe nufiame; milé to ɖe eŋu nyuie ne miase nu gɔme.