1
Mateo 27:46
EƲEGBE BIBLIA
EB14
Le ɣetrɔ ga etɔ̃ me lɔƒo la, Yesu do ɣli sesĩe be: “Nye Mawu, nye Mawu, nu ka ta nègblẽm ɖi?” Le wo degbe me la, wogblɔnɛ be: “Eli, Eli, lama sabaxtani?”
مقایسه
Mateo 27:46 را جستجو کنید
2
Mateo 27:51-52
Tete mawuxɔmetsovɔ la ma ɖe eve siã, tso etame va se ɖe egɔme. Anyigba ʋuʋu, eye agakpewo wó. Agado siwo me woɖia ame ɖo la hã ʋu, eye wofɔ ame kɔkɔe geɖe siwo ku la ɖe tsitre.
Mateo 27:51-52 را جستجو کنید
3
Mateo 27:50
Yesu gado ɣli sesĩe, eye wòmia nu.
Mateo 27:50 را جستجو کنید
4
Mateo 27:54
Ke esi asrafoawo dzikpɔla kple ame siwo kpe ɖe eŋuti hele Yesu ŋu dzɔm la kpɔ ale si anyigba ʋuʋui kple nu si va dzɔ la, vɔvɔ̃ ɖo wo, eye wogblɔ be: “Nyateƒee, Mawu Vie nye ame sia!”
Mateo 27:54 را جستجو کنید
5
Mateo 27:45
Tso ŋdɔ ga wui eve me la, viviti do ɖe xexea me katã va se ɖe ɣetrɔ ga etɔ̃ me.
Mateo 27:45 را جستجو کنید
6
Mateo 27:22-23
Pilato bia wo be: “Ekema nu kae miedi be mawɔ Yesu, si woyɔna be Kristo la ma hã?” Wo katã wogblɔ be: “Na woaklãe ɖe ati ŋu!” Ke Pilato bia be: “Nu vɔ̃ ka gɔ̃ wòwɔ?” Tete wode asi ɣlidodo me sesĩe be: “Na woaklãe ɖe ati ŋu!”
Mateo 27:22-23 را جستجو کنید