1
Mateo 10:16
EƲEGBE BIBLIA
EB14
“Kpɔ ɖa, mele mia dɔm abe alẽwo ene ɖo ɖe amegãxiwo dome. Eya ta midze aye abe da ene, eye midza abe ahɔnɛ ene.
مقایسه
Mateo 10:16 را جستجو کنید
2
Mateo 10:39
Ame si ke di be yeaɖe yeƒe agbe la, abui; ke ame si ke abu eƒe agbe le tanye la, akpɔe.”
Mateo 10:39 را جستجو کنید
3
Mateo 10:28
Migavɔ̃ ame siwo wua ŋutilã gake womate ŋu awu luʋɔ la o. Ke boŋ mivɔ̃ ame si ate ŋu atsrɔ̃ ŋutilã kple luʋɔ siaa le dzomavɔʋe me.
Mateo 10:28 را جستجو کنید
4
Mateo 10:38
Ame si ke metsɔ eƒe atitsoga, heto nye afɔtoƒe o la, mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o.
Mateo 10:38 را جستجو کنید
5
Mateo 10:32-33
“Azɔ ame sia ame si aʋu nya me le amewo ŋkume be tɔnyee yenye la, nye hã maʋu eyama me le Tɔ́nye si le dziƒowo la ŋkume; ke ame si ke lagbe nu le gbɔnye le amewo ŋkume la, nye hã magbe nu le eyama gbɔ le Tɔ́nye si le dziƒowo la ŋkume.”
Mateo 10:32-33 را جستجو کنید
6
Mateo 10:8
Miyɔ dɔ dɔlélawo, eye migbɔ agbe ame kukuwo; mina kpodɔlelawo ŋuti nakɔ, eye minya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe. Miexe fe aɖeke ɖe nu si miexɔ la ta o, eya ta miawo hã mina nu faa.
Mateo 10:8 را جستجو کنید
7
Mateo 10:31
Eya ta migavɔ̃ o; miawo la, miexɔ asi sãa wu atsutsrɔewo.”
Mateo 10:31 را جستجو کنید
8
Mateo 10:34
“Migabu be meva tomefafa na ge le anyigba dzi o. Nyemeva tomefafa na ge o, ke boŋ yi na ge meva.
Mateo 10:34 را جستجو کنید