1
Mose I 25:23
EƲEGBE BIBLIA
EB14
Aƒetɔ ɖo eŋu nɛ be: “Dukɔ evee le wò dɔ me. Àdzi dukɔ eve siwo aʋli nu kple wo nɔewo. Ɖeka asesẽ wu nɔvia; tsitsitɔ asubɔ ɖevitɔ.”
مقایسه
Mose I 25:23 را جستجو کنید
2
Mose I 25:30
Esau gblɔ na Yakob be: “Dɔ le wuyem, mebe maku. Na nuɖuɖu dzĩ ma ƒe ɖem maɖu.” Eya ta wotsɔ ŋkɔ nɛ be Edom.
Mose I 25:30 را جستجو کنید
3
Mose I 25:21
Rebeka tsi ko eya ta Isak do gbe ɖa na Aƒetɔ vevie ɖe eta. Aƒetɔ se eƒe kukuɖeɖe la, eye Rebeka fɔ fu.
Mose I 25:21 را جستجو کنید
4
Mose I 25:32-33
Esau gblɔ be: “Dɔ le wuyem, mebe makua, nu ka koŋ ŋgɔgbevinyenye awɔ nam?” Yakob be: “Ka atam nam gbã gbɔ.” Tete Esau ka atam na Yakob, eye wòtsɔ eƒe ŋgɔgbevinyenye dzra nɛ.
Mose I 25:32-33 را جستجو کنید
5
Mose I 25:26
Evelia hã va do, eye wòlé Esau ƒe afɔkpodzi ɖe asi, eya ta wona ŋkɔe be Yakob. Isak xɔ ƒe bla ade esime wodzi ɖeviawo.
Mose I 25:26 را جستجو کنید
6
Mose I 25:28
Isak lɔ̃ Esau ƒe nya elabe adelã vivia enu; ke Rebeka ya lɔ̃ Yakob.
Mose I 25:28 را جستجو کنید