Le esia ta la, dzi meɖe le mía ƒo o. Togbɔ be míaƒe ŋutilã sia le gbegblẽm vivivi hã la, wole agbe gbɔm míaƒe gbɔgbɔ ya gbe sia gbe. Fu sue si kpem míele fifia la, manɔ anyi ɖaa o. Ele mía dzram ɖo na ŋutikɔkɔe mavɔ, si womate ŋu atsɔ asɔ kple naneke o la.