1
Lododowo 17:17
Agbenya La
AL
Xɔlɔ̃ lɔ̃a ame ɣeawo katã ɣi, ke wodzi nɔviŋutsu hena hiãgbe.
2
Lododowo 17:22
Dzi si kpɔa dzidzɔ la nye atike nyui, ke gbɔgbɔ si wote ɖe to la nana ƒu tome ƒuna kplakplakpla.
3
Lododowo 17:9
Ame si tsɔ nu tsyɔ vodada dzi la doa lɔlɔ̃ ɖe ŋgɔ eye ame si gawɔ nu si wòwɔ va yi la maa xɔlɔ̃ veviwo dome.
4
Lododowo 17:27
Ame si si sidzedze su la nya vlowo medona le enu o eye ame si si gɔmesese le la ɖɔa ŋu ɖo, medoa dziku dzodzro o.
5
Lododowo 17:28
Wobua bometsila gɔ̃ hã nunyalae nenye be ezi ɖoɖoe, eye wobunɛ sidzelae ne ekpɔ eƒe aɖe dzi nyuie.
6
Lododowo 17:1
Abolo ƒuƒlu sue ɖuɖu si ŋu ŋutifafa kple dziɖeɖi kpe ɖo la nyo wu aƒe si me yɔ fũu kple agbeɖuɖu eye dzre kpe ɖe eŋu.
7
Lododowo 17:14
Dzregɔmetoto le abe ale si woŋɔa tɔʋu ene; eya ta ɖe asi le nya ŋu hafi wòava zu dzre.
8
Lododowo 17:15
Afiatsotso na agɔdzela, kple fɔbubu agɔmadzela siaa nye nu si Yehowa tsri.