1
Lododowo 16:3
Agbenya La
AL
Tsɔ nu sia nu si nèwɔna la de Yehowa ƒe asi me, ekema wò ɖoɖowo adze edzi na wò.
2
Lododowo 16:9
Ame wɔa ɖoɖo ɖe ale si wòazɔe ŋu le eƒe dzi me, gake Yehowae fiaa ale si wòaɖe afɔe.
3
Lododowo 16:24
Nya nyuiwo nye anyitsito, enana luʋɔ sea vivi, eye wòhea dɔyɔyɔ vɛ na ƒuwo.
4
Lododowo 16:1
Amegbetɔ tɔe nye dzi ƒe nuɖoɖowo, ke nyaŋuɖoɖo na aɖe tsoa Yehowa gbɔ.
5
Lododowo 16:32
Enyo be nànye ŋutsu dzigbɔɖitɔ wu kalẽtɔ, ame si ɖu eƒe dziku dzi la nyo wu ame si xɔ du.
6
Lododowo 16:18
Dada doa ŋgɔ na gbegblẽ eye ɖokuidodoɖedzi doa ŋgɔ na anyidzedze.
7
Lododowo 16:2
Fɔɖiɖi menɔa ame ŋutɔ ƒe mɔwo ŋu le eya ŋutɔ ƒe ŋkume o, ke Yehowa daa susuwo kpɔ.
8
Lododowo 16:20
Nu dzea edzi na ame si ɖoa to nufiame eye woayra ame si tsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe Yehowa dzi.
9
Lododowo 16:8
Nu sue si ŋu dzɔdzɔenyenye kpe ɖo la nyo wu nu geɖe si ŋu madzɔmadzɔ kpe ɖo.
10
Lododowo 16:25
Mɔ aɖe li si le dzɔdzɔe le ame ƒe ŋkume, ke le nuwuwua la, ekplɔa ame yia ku mee.
11
Lododowo 16:28
Ame vɔ̃ɖi dea dzre aƒe eye amenyagblɔla maa xɔlɔ̃ veviwo dome.