1
Lododowo 15:1
Agbenya La
AL
Nyaŋuɖoɖo kple gbe bɔbɔe tsia dziku nu, ke nyagbɔgblɔ kple gbedaɖeame nana dɔmedzoe flana.
2
Lododowo 15:33
Yehowavɔvɔ̃ fiaa nunya ame eye ɖokuibɔbɔ doa ŋgɔ na bubu.
3
Lododowo 15:4
Aɖe si hea dɔyɔyɔ vɛ la nye agbeti, ke alakpaɖe gbãa gbɔgbɔ gudugudugudu.
4
Lododowo 15:22
Ɖoɖowo me gblẽna ne aɖaŋudede meli o, ke ne aɖaŋuɖolawo li fũu la, wokpɔa dzidzedze.
5
Lododowo 15:13
Dzi si me dzidzɔ le la nana mo klẽna, gake dzi si le veve sem la gbãa gbɔgbɔ gudugudugudu.
6
Lododowo 15:3
Yehowa ƒe ŋkuwo le afi sia afi eye eƒe ŋkuwo le ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo siaa ŋu.
7
Lododowo 15:16
Nu sue si ŋu Yehowavɔvɔ̃ kpe ɖo la nyo wu kesinɔnu geɖe si ŋu dzimaɖeɖi le.
8
Lododowo 15:18
Dɔmedzoetɔ hea mama vɛ, ke dzigbɔɖitɔ tsia dzre nu.
9
Lododowo 15:28
Ame dzɔdzɔe ƒe dzi daa eƒe nyaŋuɖoɖowo kpɔ, ke nu vɔ̃ɖi doa go tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe nu me bababa.