1
Luka 1:37
Agbenya La
AL
Elabena ŋugbe ɖe sia ɖe si Mawu do la ava me pɛpɛpɛ.”
مقایسه
Luka 1:37 را جستجو کنید
2
Luka 1:38
Maria gblɔ be, “Aƒetɔ la ƒe dɔlanyɔnu menye. Nu sia nu si nègblɔ la neva eme nam.” Le esia megbe la, mawudɔla la gabu le eŋkume.
Luka 1:38 را جستجو کنید
3
Luka 1:35
Mawudɔla la ɖo eŋu be, “Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ava dziwò, eye Dziƒoʋĩtɔ la ƒe ŋusẽ ayɔ mewò, eya ta ɖevi si nàdzi la anɔ Kɔkɔe, eye wòanye Mawu ƒe Vi.
Luka 1:35 را جستجو کنید
4
Luka 1:45
Èxɔe se be Mawu awɔ ɖe ale si wògblɔ la dzi, esia tae wòyra wò alea gbegbe ɖo.”
Luka 1:45 را جستجو کنید
5
Luka 1:31-33
Èle fu fɔ ge adzi ŋutsuvi, eye nàna ŋkɔe be ‘Yesu.’ Anye ame xɔŋkɔ aɖe, eye woayɔe be Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi. Aƒetɔ Mawu la atsɔ tɔgbuia David ƒe fiazikpui la nɛ. Ale wòaɖu fia ɖe Yakob ƒe aƒe dzi, eye eƒe fiaɖuƒe mawu nu akpɔ o.”
Luka 1:31-33 را جستجو کنید
6
Luka 1:30
Mawudɔla la yi edzi gblɔ nɛ be, “Maria, mègavɔ̃ kura o, elabena Mawu ɖoe be yeayra wò nukutɔe!
Luka 1:30 را جستجو کنید