1
Yesaya 64:4
Agbenya La
AL
Tso blema ke, ame aɖeke mesee o, to aɖeke mesee o, ŋku aɖeke mekpɔ Mawu bubu aɖeke kpe ɖe ŋuwò, esi kpena ɖe ame siwo le mɔ kpɔm nɛ la ŋu o.
2
Yesaya 64:8
gake hã la, o Yehowa, wòe nye mía Fofo. Míawo la, anyie mienye eye wòe nye zemela. Mí katã mienye wò asinudɔwɔwɔwo.
3
Yesaya 64:6
Mí katã míele abe ame makɔmakɔwo ene, eye míaƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔwo katã le abe ɖovu ƒoɖi ene. Mí katã míeyrɔ abe aŋgba ene, eye míaƒe nu vɔ̃wo lɔ mi ɖe nu hoo abe ya ene.